Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 10:41 - Agbenya La

41 Wowu wo tso Kades Barnea yi Gaza, tso Gosen yi Gibeon.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Eye Yosua ɖu wo dzi tso Kades-Barnea vaseɖe Gaza, tso Gosen-nyigba blibo la dzi vaseɖe Gibeon.

Gade chapit la Kopi




Yosua 10:41
19 Referans Kwoze  

Ale Yosua ɖu anyigba blibo la dzi. Exɔ Negeb kple Gosenyigba kple Araba kple Israel ƒe tonyigbawo kple sɔsɔeƒewo.


Gosen, Holon, Giloh,


Le Kades Barnea la, esi Yehowa gblɔ na mi be miage ɖe anyigba si wòtsɔ na mi dzi la, miedze aglã ɖe eŋuti, eye miexɔe se be akpe ɖe mia ŋu o. Miegbe toɖoɖoe.


tso Sidon yi Gerar va Gaza, Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim va se ɖe Lasa.)


Ke le Filipo gome la, mawudɔla aɖe va gblɔ nɛ be, “Tso nàyi mɔ si tso Yerusalem heto Gaza gbegbe la dzi.”


Askelon akpɔe, eye vɔvɔ̃ aɖoe. Gaza aŋe kple vevesese. Nenema kee nye Ekron hã, elabena eƒe mɔkpɔkpɔ abu ɖee. Woawu Gaza fia, eye Askelon azu aƒedo.


Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã ma me eye wògblɔ nɛ be, “Bia nu sia nu si dze ŋuwò la eye matsɔe ana wò!”


Sikaƒoƒoe atɔ̃ siwo Filistitɔwo ɖo ɖa abe fɔɖivɔsanu ene la nye nunana tso Asdod, Gaza, Askelon, Gat kple Ekron ƒe amegãwo gbɔ.


Ale Filistitɔwo lée, wogbã eƒe ŋkuwo, kplɔe yi Gaza, de gae kple akɔblikɔsɔkɔsɔ eye wona wòtua bli abe gaxɔmenɔla ene.


Gbe ɖeka la, Samson yi Filistitɔwo ƒe du si woyɔna be Gaza la me eye wòtsi gbolo aɖe gbɔ dɔ.


Esime Israelviwo nɔ Amoritɔwo nyam, nɔ wo wum la, Yosua do gbe ɖa na Yehowa kple gbe sesẽ be, “Na ɣe natɔ ɖe Gibeon tame, eye nàna ɣleti hã natɔ ɖe Aiyalon balime tame!”


vɔvɔ̃ gã aɖe ɖoe, elabena Gibeon lolo abe fiadu ene, eye wòlolo sãa wu Ai, evɔ Gibeontɔwo nye aʋawɔla sesẽwo,


ato afi ma aɖo ta dziehe, ato Akrabim to dzi mɔ le Zin lɔƒo. Eƒe seƒe le dziehe anye Kades Barnea, afi si wòatso aɖo ta Hazar Adar, ayi Azmon.


Nu sia tɔgbi tututu mia tɔgbiwo wɔ kpɔ! Meɖo wo ɖa be woaɖatsa ŋku le Kades Barneanyigba dzi.


Wogblɔ nu si wokpɔ la na Mose, Aron kple Israelviwo katã le Paran gbedzi le Kades, eye wotsɔ kutsetse siwo wotsɔ vɛ la fia wo.


Míedzo le Horeb to la gbɔ, eye míezɔ mɔ to gbegbe gã dziŋɔ la dzi. Mlɔeba la, míeva ɖo Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, afi si Yehowa, míaƒe Mawu la ɖo na mí be míayi. Míeɖo Kades Barnea le Ŋugbedodonyigba la ƒe liƒo dzi.


Nenema kee Kaftoritɔwo dze Avitɔwo, ame siwo nɔ du siwo kaka ɖe afi ma va se ɖe keke Gaza ke la dzi.”


Wo dometɔ aɖeke megasusɔ ɖe Israelnyigba dzi o, ke ɖewo ganɔ Gaza, Gat kple Asdod.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite