Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 10:16 - Agbenya La

16 Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃awo si le aʋa la me yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖe agado aɖe me le Makeda.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ke fia atɔ mawo si yi ɖaɣla ɖe do me le Makeda.

Gade chapit la Kopi




Yosua 10:16
17 Referans Kwoze  

Tete anyigbadzifiawo, bubumewo, aʋafiawo, hotsuitɔwo, kalẽtɔwo kple kluvi ɖe sia ɖe kple ablɔɖevi ɖe sia ɖe yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖe agadowo me kple agakpewo dome.


Woaɖu ʋuʋudedi abe da kple nu gbagbe siwo tana le anyigba la ene. Woado le woƒe dowo me kple vɔvɔ̃, atrɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ŋu eye woavɔ̃ miawo hã.


Ne woƒu du yi keke tsiẽƒe hã la, mava afi ma ahe wo ado goe; eye ne wolia nu yi dziƒo hã la, mayi afi ma ahe wo vɛ.


Tete David do go le agado la me eye wòdo ɣli ɖo ɖe Saul yome be, “Nye aƒetɔ, fia!” Esi Saul nye kɔ kpɔ megbe la, David bɔbɔ de ta agu eye wòmlɔ anyi tsyɔ mo anyi.


Saul yi ɖe agado aɖe le afi si mɔ la to alẽkpo aɖewo dome le la me be yeade afɔdzi, sigbeɖe, David kple eƒe aʋawɔlawo be ɖe agado ma ke me!


Esi Israel ŋutsuwo kpɔ xaxa gã si me wonɔ kple ale si womimi woƒe aʋakɔ la ɖoe la, wosi yi ɖaɣla ɖe agadowo, avekɔewo, kpewo tome kple ʋewo me kple vudo siwo me tsi menɔ o la me.


Midiantɔwo ƒe asi sẽ ɖe Israelviwo dzi ale gbegbe be Israelviwo wɔ bebeƒewo na wo ɖokuiwo ɖe towo tome, agadowo me kple sitsoƒewo.


Ale Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃ siawo ƒo ƒu woƒe aʋakɔwo katã ɖekae be yewoaho aʋa ɖe Gibeontɔwo ŋu.


Le esia megbe la, Israelviwo ƒe aʋakɔ la trɔ yi Gilgal.


Esime wona nyanya Yosua be wokpɔ fiawo la,


“Fiawo kple aʋakɔwo, misi kaba, elabena amewo le afunyinuwo ham le asaɖawo me.


Esi miele alɔ̃ dɔm le lãkpowo dome la, wotsɔ klosalo fa ɖe nye ahɔnɛ ƒe aʋala ŋu, eye wotsɔ sika si le keklẽm la fa ɖe eƒe fuwo ŋuti.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite