Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 10:11 - Agbenya La

11 Esi futɔwo nɔ sisim tso toawo dzi henɔ abu ɖim la, Yehowa na kpewo ge tso dziƒo va dze wo dzi hetsrɔ̃ wo le mɔa dzi va se ɖe keke Azeka ke. Ame siwo kpe siawo wu la sɔ gbɔ wu ame siwo Israelviwo wu kple yi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Esi wosi le Israel nu hele Bet-Xoron-to ƒe abu ɖim la, Yehowa hlẽ kpe gãwo ɖe wo dzi tso dziƒo vaseɖe Aseka, eye woku; amesiwo kpetsiawo wu la sɔ gbɔ wu esiwo Israel-viwo wu kple yi.

Gade chapit la Kopi




Yosua 10:11
17 Referans Kwoze  

Kpɔ ɖa, ame si sesẽ, nye kalẽtɔ la le Aƒetɔ la si. Ava abe tsikpe ƒe dzadza kple ya si gblẽa nu la ene. Ava abe kelemetsi kple tsiɖɔɖɔ ene, be wòatsɔe aƒu gbe ɖe anyigba ŋusẽtɔe.


Dziƒo ŋutɔ ƒe ɣletiviwo wɔ aʋa kple Sisera.


Tsikpe gã aɖe dza tso dziƒo, eye tsikpe ɖeka ƒe kpekpeme anɔ kilogram blaade-vɔ-atɔ̃. Woge dze amewo dzi le anyigba. Ameawo ƒo fi de Mawu le tsikpe ƒe dɔvɔ̃ la ta, elabena dɔvɔ̃ la dzi ŋɔ ŋutɔ.


Emegbe la, woʋu Mawu ƒe gbedoxɔ le dziƒo, eye wokpɔ Mawu ƒe nubablaɖaka le eƒe gbedoxɔ me. Tete dzi ke dzo, dzi ɖe gbe, sokpewo ge, anyigba ʋuʋu, eye kpetsi gã aɖe dza.


eya ta gblɔ na akalosilawo be, gli la le mumu ge. Tsi adza bababa, maɖo tsikpe ɖa, eye mana ahom sesẽwo natu.


Yehowa ana be amewo nase eƒe gãnyenye ƒe gbe, eye wòana woakpɔ eƒe alɔ wòaɖiɖi ɖe anyi kple dɔmedzoe helĩhelĩ, dzo si biaa nu, ahomya, tsidzadza sesẽ kple tsikpe.


Ana dzoka xɔxɔ kple aŋɔ dzodzoe nadza ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi, eye ya xɔdzo anye wo tɔ gome.


Tete Yehowa na dzo kple aŋɔ xɔdzo dza tso dziƒo ɖe Sodom kple Gomora dzi,


“Ège ɖe sno ƒe nudzraɖoƒe alo kpɔ kpetsi ƒe nudzraɖoƒe,


Yehowa, mia Mawu la le yiyim kpli mi! Awɔ aʋa kple futɔ la na mi, eye wòana miaɖu dzi!’


Ame siwo bu le avea me la sɔ gbɔ wu ame siwo wowu.


esi meɖo ɖi na xaxaɣi, aʋaŋkekewo kple aʋakpegbe la kpɔa?


Eɖo kpetsi ɖe anyigba abe kpekui ene. Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe wò ya fafɛ la nu?


Yehowa atso abe ale si wòwɔ le Perazim toa dzi ene. Aʋuʋu eɖokui abe ale si wòwɔ le Gibeon Balime la ene be wòawɔ eƒe dɔ wɔnuku la, eye wòawɔ eƒe dɔdeasi si mienya o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite