Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 1:11 - Agbenya La

11 “Mizɔ to asaɖa la me, eye miagblɔ na ameawo be, ‘Midzra miaƒe nuwo ɖo, elabena le ŋkeke etɔ̃ megbe la, miatso Yɔdan tɔsisi la ayi aɖaxɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la le mia nam be wòanye mia tɔ.’ ”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Mitsa le asaɖa lãme, ne miade se na dukɔ la bena: Midzra mɔ dzi nuɖuɖu ɖo, elabena ŋkeke etɔ̃ megbe la miele Yordan sia tso ge ayi aɖaxɔ anyigba, si Yehowa, mia Mawu be, yeatsɔ na mi wòanye mia tɔ la.

Gade chapit la Kopi




Yosua 1:11
9 Referans Kwoze  

“O! Israel, see. Èle Yɔdan tɔsisi la tso ge egbe, eye nàde asi dukɔ siwo le tɔsisi la godo la nyanya me. Dukɔ mawo tri akɔ, eye wosẽ wu wò! Woɖo gli kɔkɔwo ƒo xlã woƒe duwo.


“Trɔ nàyi ɖagblɔ na Hezekia, nye dukɔ ƒe kplɔla be, ‘Ale Yehowa, fofowò David ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mese wò gbedodoɖa eye mekpɔ wò aɖatsiwo. Mayɔ dɔ wò. Ŋkeke etɔ̃ tso egbe sia dzi la, àyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me.


Le ŋkeke eve megbe la, agbɔ agbe mí, le ŋkeke etɔ̃a gbe la, aɖo mí te, eye míanɔ agbe le eŋkume!


Le ŋkeke etɔ̃lia gbe la, kplɔlawo tsa le asaɖa la me,


Mitso Yɔdan tɔsisi la, eye mianɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu le mia nam la dzi.


Ekema ŋkeke etɔ̃a gbe la, maɖi tso Sinai to la dzi le ame sia ame ŋkume.


“Nye dɔla, Mose ku. Azɔ la wò kple dukɔ blibo la, midzra ɖo miatso Yɔdan tɔsisi la ayi ɖe anyigba si mele Israelviwo nam la dzi.


Azɔ Yosua gblɔ na aʋakplɔlawo be,


Mede se na mi be, “Yehowa, miaƒe Mawu, tsɔ anyigba sia na mi, ne woanye mia tɔ. Mi kalẽtɔwo katã mibla akpa dze mia nɔvi Israelviwo ŋgɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite