Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yona 4:8 - Agbenya La

8 Esi ɣe dze la, Mawu na ŋdɔ sesẽ la kplɔ ɣedzeƒeya xɔdzo aɖe va ƒo ɖe Yona dzi va se ɖe esime nu te eŋu vevie, eye wòbia be yeaku, elabena egblɔ be, “Enyo nam be maku wu manɔ agbe.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Esi ɣe dze la, Mawu do ɣedzeƒeya xɔdzo ɖa, eye ɣe ɖu Yona ƒe ta, ale be nu te eŋu belibeli. Tete wodi ku na eɖokui gblɔ bena: Ne meku la, enyo wu esi manɔ agbe.

Gade chapit la Kopi




Yona 4:8
23 Referans Kwoze  

Eya ta Yehowa, meɖe kuku ɖe nye agbe ɖa; enyo nam be maku wu be manɔ agbe.”


Ke wotsoe ƒu anyi le dɔmedzoe me. Ɣedzeƒeya na wòyrɔ, eye woɖe eƒe kutsetsewo ɖa le eŋu. Eƒe alɔ sesẽawo ku, eye dzo fia wo.


eya ta ɣe maɖu wò le ŋkeke me loo, alo ɣleti le zã me o.


‘Dɔ magawu wo akpɔ gbeɖe o. Tsikɔ hã magawu wo akpɔ gbeɖe o. Ɣe magaɖu wo o.’ Alo ŋdɔkutsu nagaɖu wo o,


Mehea to na ame sia ame si melɔ̃na la enuenu, eya ta ele be mahe to na wò, negbe ɖeko nàɖe asi le wò ɖekematsɔleme ŋu, eye nàtsɔ dzo ɖe nu siwo ku ɖe Mawu ŋu la ŋuti hafi.


Dɔ kple tsikɔ magawu wo azɔ o. Dzogbe xɔdzo alo ŋdɔkutsu magaɖu wo azɔ o. Ame si kpɔa nublanui na wo la anye woƒe mɔfiala, eye wòakplɔ wo ayi tɔʋuwo to.


Yehowa dɔ ƒumelã gã aɖe wòmi Yona. Ale Yona nɔ ƒumelã la ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃.


Esi ʋu la dze mɔ yina sẽe ko la, Yehowa dɔ yaƒoƒo sesẽ aɖe ɖa si na be ahom dziŋɔ aɖe tu. Meli la ʋuʋu heyeheye henɔ didim be yeanyrɔ.


Mègate ŋku nɔ kpɔyem, elabena menyo o; nyae be ɣee ɖum menyɔ alea. Danyevi ŋutsuwo do dɔmedzoe ɖe ŋunye, eye wona mekpɔ woƒe waingblewo dzi, ke megblẽ nye ŋutɔ nye waingble ya ɖi.


Mezi ɖoɖoe, nyemake nu o, elabena wòe wɔ esia.


Hiob ɖo eŋu nɛ be, “Èle nu ƒom abe nyɔnu bometsila ene. Ɖe míaxɔ nu nyuiwo ko tso Mawu gbɔ eye menye vɔ̃ hã oa?” Le nu siawo katã me la, Hiob mewɔ nu vɔ̃ le eƒe nuƒoƒo me o.


Ale Samuel gblɔ nya sia nya si Yehowa gblɔ nɛ la na Eli eye Eli ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue; eya ŋutɔ nena nu si tututu wòkpɔ be eyae nye nyuitɔ la nava eme.”


Tete Mose gblɔ na Aron be, “Esiae Yehowa gblɔ esi wògblɔ be, ‘Maɖe ɖokuinye afia ame siwo tena ɖe ŋutinye la kɔkɔe eye woade bubu ŋunye le amewo katã ŋkume.’ ” Eye Aron zi ɖoɖoe kpoo.


‘Ame siawo la, gaƒoƒo ɖeka pɛ ko wowɔ dɔ, ke nu ka ta woxɔ fetu wòsɔ kple mí ame siwo wɔ dɔ ŋkeke blibo la katã le ŋdɔ sesẽ nu la tɔ ɖo?’


Eya ɖeka zɔ mɔ ŋkeke blibo la yi gbedzi. Enɔ anyi ɖe ati aɖe te eye wòdo gbe ɖa be Yehowa nana yeaku. Egblɔ na Yehowa be, “Eglom azɔ, ɖe nye agbe ɖa, mele kuku ge gbe ɖeka kokoko; nyemenyo wu tɔgbuinyewo o.”


“Togbɔ be eyae de ŋgɔ wu le nɔviawo dome hã la, ɣedzeƒeya tso Yehowa gbɔ aƒo tso gbegbe ava. Eƒe tsiwo amie, eye vudowo me aƒu kplakplakpla. Woaha eƒe nudzraɖoƒewo, eye woalɔ eƒe kesinɔnuwo adzoe.


Mawu gblɔ na Yona be, “Enyo be nàdo dɔmedzoe esi ati la kua?” Yona ɖo eŋu be, “Ɛ̃, tɔnye dzɔ be mado dɔmedzoe va se ɖe esime maku!”


Enumake bli bubu adre gado ɖe bliti la dzi, ke esiawo ya meʋã kura o, eye ɣedzeƒeya na woyrɔ.


Ale Ahab tsɔ dɔmedzoe kple moyɔyɔ trɔ yi eƒe fiasã me. Egbe nuɖuɖu, eye wòɖamlɔ anyi hetrɔ mo ɖo ɖe gli ŋu!


Ale be melɔ̃ kudɔƒoƒo kple ku wu nye ŋutilã sia.


Mègado dɔmedzoe kabakaba o, elabena dɔmedzoedodo kabakaba nana ame zua bometsila.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite