Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yona 3:4 - Agbenya La

4 Yona ge ɖe du la me hezɔ ŋkeke ɖeka nɔ gbeƒã ɖem be, “Esusɔ ŋkeke blaene ne woagbã Ninive du la!”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye Yona zɔ ŋkeke ɖeka ƒe mɔ le dua me heɖe gbe ƒã gblɔ bena: Esusɔ ŋkeke blane, ne Niniwe natsrɔ̃!

Gade chapit la Kopi




Yona 3:4
10 Referans Kwoze  

Nenye be nya si wògblɔ ɖi la meva eme o la, ekema menye Yehowae gblɔ nya la nɛ o, eya ŋutɔe kpae. Migaɖo to eƒe nya aɖeke o.


Ke esi Mawu kpɔ be woɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋuti la, eɖe asi le ɖoɖo si wòwɔ be yeatsrɔ̃ wo la ŋu, eye wòtsɔe ke wo.


Mada ƒe wuiatɔ̃ ɖe wò agbenɔƒewo dzi eye maɖe wò kple du sia tso Asiria fia ƒe asi me. Maʋli du sia ta le nye ŋkɔ kple nye dɔla David ta.’ ”


Le ŋkeke mawo me la, Hezekia dze dɔ eye wòɖo kudo nu. Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi yi egbɔ eye wògblɔ nɛ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ɖɔ wò aƒe ɖo elabena èle kuku ge eye màhaya o.’ ”


Le ʋɔnudrɔ̃gbe la, Ninivetɔwo kura gɔ̃ hã abu fɔ dukɔ sia, elabena woawo la, wotrɔ dzime esime Yona va gblɔ mawunya na wo. Ke ame si kɔ wu Yona boo la le afii, gake dukɔ sia gbe be yewomaɖo toe o.


Elabena ale si Yona nye dzesi na Ninivetɔwoe la, nenema ke Amegbetɔ Vi la anye dzesi na dzidzime siae.


Ninivetɔwo kura gɔ̃ hã atsi tsitre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me ɖe dzidzime sia ŋu, eye woabu fɔe, elabena woawo la, wotrɔ dzime esime Yona va gblɔ mawunya na wo. Ke ame si kɔ wu Yona boo la le afii, gake dukɔ sia gbe be yewomaɖo toe o.”


Ke hã la, Yehowa le lalam vevie be yeave mia nu; etso be yeakpɔ nublanui na mi, elabena Yehowa nye Mawu si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe. Woayra ame siwo katã kpɔa eƒe asinu.


‘Ne mienɔ anyigba sia dzi la, matu mi eye nyemagbã mi o, mado mi eye nyemaho mi o, elabena gbegblẽ si mehe va mia dzii la vem ŋutɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite