Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yona 2:10 - Agbenya La

10 Ale Yehowa ɖe gbe na ƒumelã la, eye wòyi ɖatu Yona ɖe anyigba ƒuƒui dzi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ke nye la matsɔ akpedagbe asa vɔ na wò, eye mawɔ adzɔgbe, si meɖe la dzi. Xɔname enye Yehowa tɔ!

Gade chapit la Kopi




Yona 2:10
18 Referans Kwoze  

Elabena eƒo nu, eye wòva dzɔ; eɖe gbe, eye wòli ke goŋgoŋgoŋ.


Yehowa dɔ ƒumelã gã aɖe wòmi Yona. Ale Yona nɔ ƒumelã la ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃.


Nu ka ta esi meva la, ame aɖeke meli o? Nu ka ta esi meyɔ mi la, ame aɖeke metɔ o? Ɖe nye abɔ to ɖe me be mate ŋu aɖe mi oa? Ɖe ŋusẽ mele ŋunye be maxɔ na mi oa? Gbe ko meɖe, tete atsiaƒu mie. Mena tɔsisiwo zu gbegbe, eye lã siwo le wo me la ƒaƒã, elabena tsi mie le wo ŋu, eye tsikɔ wu wo woku.


Mawu gblɔ be, “Kekeli nedo.” Eye kekeli do.


Eƒo nu, eye ʋetsuviwo va ƒo ɖi, nenema kee nye abɔ gbogbo aɖewo hã;


Eƒo nu, eye tagbatsutsu kple togbato ƒe ha gã aɖe va xɔ woƒe dukɔ la katã me.


Mawu gblɔ be, “Mina akaɖiwo nanɔ dziŋgɔli la me be woama ŋkeke ɖa tso zã gbɔ, eye woanye dzesi siwo afia ɣeyiɣiwo, ŋkekewo kple ƒewo,


Mawu gblɔ be, “Mina nuwo namie ɖe anyigba la dzi: ati tsekuwo kple ati siwo tsena, eye ku nɔa tsetseawo me wotɔxɛwotɔxɛe la.” Eva eme nenema.


Mawu gblɔ be, “Mina tsi si le lilikpo la te la naƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka be anyigba ƒe ƒuƒuiƒe nadze.” Eva eme nenema.


Ale Mawu wɔ lilikpo, eye wòma tsi si le lilikpo la te la ɖa tso esi le lilikpo la tame la gbɔ, eye wòva eme.


Yehowa ƒe nya va na Yona zi evelia be,


Hiãtɔwo aɖu nu aɖi ƒo; ame siwo dia Yehowa la akafui. Miaƒe dziwo nenɔ agbe tegbee!


Yehowa aɖem, eye míadzi ha kple kasaŋkuwo le míaƒe agbemeŋkekewo katã me, le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.


Nyee, ɛ̃, nyee. Nyee nye Yehowa. Ɖela aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.


“Nye ɖeka koe nye Yehowa, miaƒe Mawu, eye alea ko mele tso esime ke mekplɔ mi do goe tso Egipte. Mawu bubu aɖeke mele mia si o, negbe nye ko, elabena ɖela aɖeke meli kpe ɖe ŋutinye o.


Asiria mate ŋu axɔ na mí le aʋa me o, eye míaƒe aʋawɔsɔwo hã mate ŋu aɖe mí o; míagayɔ legba siwo míewɔ kple asi la be míaƒe mawuwo azɔ o, elabena wò Yehowa ɖeɖe gbɔ ko tsyɔ̃eviwo kpɔa nublanuikpɔkpɔ le.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite