Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yona 1:12 - Agbenya La

12 Yona gblɔ na wo be, “Mikɔm ƒu gbe ɖe ƒua me ekema ahom la nu atso. Elabena menya be tanye ahom la le tutum ɖo.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eɖo ŋu na wo be: Mikɔm ƒu gbe ɖe ƒua me, ekema ƒua adze anyi le mia ŋu godoo; elabena menyae be, tanyee ahom gã sia va mia dzi ɖo.

Gade chapit la Kopi




Yona 1:12
10 Referans Kwoze  

David kpɔ mawudɔla la eye wògblɔ na Yehowa be, “Kpɔ ɖa, nyee nye ame si wɔ nu vɔ̃! Nu ka alẽ siawo ya wɔ? Na wò dɔmedzoe nabi ɖe nye kple nye ƒometɔwo ɖeɖe ko ŋuti.”


David gblɔ na Mawu be, “Nyee nye ame si wɔ nu vɔ̃ be mena be woaxlẽ amewo. Ke nu kae alẽ siawo ya wɔ? Oo, Yehowa, nye Mawu, tsrɔ̃ nye kple nye ƒome, ke mègatsrɔ̃ wò amewo o.”


Esia ta wole Israelviwo dzi ɖum ɖo, eya ta wò aʋawɔlawo le sisim le woƒe futɔwo nu, elabena fiƒode le wo dzi. Nyemaganɔ mia dome azɔ o, negbe ɖeko miaɖe busunu si le mia dome la ɖa hafi.


‘Paulo, mègavɔ̃ o, elabena àva ɖo Kaisaro gbɔ dedie be wòadrɔ̃ ʋɔnu wò. Gawu la, Mawu se wò gbedodoɖa, eya ta ame siwo katã le ʋua me kpli wò la atsi agbe’


Mienya be enyo be ame ɖeka naku ɖe dukɔa ta wu be dukɔ la katã natsrɔ̃ oa?”


Nunya nyo wu aʋawɔnuwo, ke nu vɔ̃ wɔla ɖeka ate ŋu agblẽ nu geɖe.


Ƒutsotsoeawo gale agbo dzem ɖe edzi, eya ta wobiae be, “Nu ka míawɔ wò be ƒu la nadze akɔ anyi?”


Ʋukulawo dze agbagba be woaku ʋu la ava gota, gake gbeɖe; womete ŋui o, elabena ƒutsotsoeawo gadze agbo ɖe edzi wu tsã.


Ame abe wò ene ko dzie wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi awɔ dɔ ɖo eye amegbetɔviwo ko dzie wò dzɔdzɔenyenye awɔ dɔ ɖo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite