Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yona 1:10 - Agbenya La

10 Nya sia sese na wovɔ̃, eye wobiae be, “Nu ka nèwɔ?” Elabena ameawo nya be ɖe wònɔ sisim le Yehowa nu, elabena egblɔe na wo do ŋgɔ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Tete ŋutsuawo vɔ̃ ŋutɔ, eye wogblɔ nɛ bena: Nukae nèhewɔ ma? Elabena wonyae be, Yehowa nu wòsi le; elabena etoe na wo tsã.

Gade chapit la Kopi




Yona 1:10
8 Referans Kwoze  

Ke nya sia na Yona si le Yehowa nu heɖo ta Tarsis. Eyi ƒutadu aɖe si woyɔna be Yopa la me, eye esi wòyi ɖe melidzeƒe si le afi ma la, ekpɔ meli aɖe si nɔ mɔ dzem yina ɖe Tarsis. Exe ʋuɖofe enumake, eye wòɖo ʋu la hege ɖe meli la ƒe globoeƒe aɖe be yeasi le Yehowa gbɔ.


Etsɔ eɖokui xlã ɖe edzi nublanuimakpɔmakpɔtɔe, esi wòsi le eƒe ŋusẽ nu afɔtsɔtsɔe.


Esi Pilato se nya sia la, vɔvɔ̃ ɖoe wu tsã,


Ke Yoab ɖo eŋu na fia la be, “Yehowa, wò Mawu la nadzi wò aʋakɔwo ɖe edzi zi alafa eye wòana be nye aƒetɔ, fia la ƒe ŋkuwo nakpɔ esia gake nu ka ŋuti nye aƒetɔ, fia la di be yeawɔ nu sia ɖo?”


Yosua gblɔ na Axan le afi ma be, “Nu ka ta nèhe dzɔgbevɔ̃e va mía dzi ɖo? Yehowa ahe dzɔgbevɔ̃e va wò hã dzi azɔ.” Ale Israelviwo ƒu kpe wo woku, wotɔ dzo wo,


Ƒutsotsoeawo gale agbo dzem ɖe edzi, eya ta wobiae be, “Nu ka míawɔ wò be ƒu la nadze akɔ anyi?”


Yehowa Mawu bia nyɔnu la be, “Nu ka ta nèwɔ nu sia ɖo?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Da lae blem.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite