Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 9:8 - Agbenya La

8 Ŋutsu sia ƒe aƒelikawo kple ame siwo katã nyae tsã be nubiala wònye la bia wo nɔewo be, “Alo ɖe menye ŋkuagbãtɔ ma si nɔ nu biam lae nye esia oa?”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eyata eƒe aƒelikawo kple amesiwo kpɔe tsã bena, nubiala wònye la, gblɔ bena: Ɖe menye amesia nɔ anyi henɔa nu biam la o mahã?

Gade chapit la Kopi




Yohanes 9:8
9 Referans Kwoze  

Eyae ɖea ame dahe tso ke me eye wòfɔa hiãtɔ tso afi me enaa zikpui wo ɖe dziɖulawo xa eye wònaa wonyia dome kple bubu ƒe fiazikpui. “Elabena Yehowa tɔe nye anyigba ƒe gɔmeɖokpe; eya dzie wòɖo xexea me gɔme anyi ɖo.


Esi wote tu Yeriko la, wokpɔ nubiala ŋkuagbãtɔ aɖe wònɔ mɔ to nɔ nu biam le mɔzɔlawo si.


Azɔ wova ɖo Yeriko. Emegbe la, esi woto dua me yina la, amewo nye zi bibibi kplɔ wo ɖo. Ŋkunɔ nubiala aɖe si ŋkɔe nye Bartimeo (Timeo ƒe vi la), nɔ anyi ɖe mɔto.


Ke David ƒe afi ma nɔnɔ medzɔ dzi na Akis ƒe aʋakplɔlawo o. Wobia be, “Menye eyae nye Israel ƒe kplɔla gã la oa? Menye eya ŋue ameawo dea bubui le woƒe ɣeɖuƒewo henɔa ha dzim bena, “ ‘Saul wu akpe eye David wu akpewo’ oa?”


ale woyi mɔzɔzɔa dzi va se ɖe esime woɖo Betlehem. Zi ƒo le du blibo la me. Nyɔnuwo bia be, “Naomi nye esia nyateƒea?”


Nya sia kaka ɖo eƒe aƒelikawo kple ƒometɔwo dome kaba, ame sia ame se ale si Aƒetɔ la nyo dɔ me na Elizabet, eye wo katã wokpɔ dzidzɔ.


Ame aɖewo be eyae, eye ɖewo hã be menye eyae o, ɖeko wòɖii. Ke ŋutsu la ŋutɔ gblɔ be, “Nyee.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite