Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 8:51 - Agbenya La

51 Mele nyateƒe la gblɔm na mi be ame si ɖoa tom la, mele kuku ge akpɔ o.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

51 Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Ne amea ɖe dzra nye nya ɖo la, mele ku kpɔ ge akpɔ o vaseɖe mavɔmavɔ me.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 8:51
15 Referans Kwoze  

“Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si sea nye nyawo, eye wòxɔ ame si dɔm la dzi se la akpɔ agbe mavɔ, eye womadrɔ̃ ʋɔnui o, elabena eto ku me yi ɖe agbe mavɔ la me.


Miɖo ŋku nya si megblɔ na mi la dzi be, ‘Subɔla mewua eƒe Aƒetɔ o.’ Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome. Nenye ɖe woɖo tom la, woaɖo to miawo hã.


Ke esiae nye abolo si tso dziƒo va, esi ame aɖu, eye maku o.


Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖee fiae be maku akpɔ o, va se ɖe esime wòkpɔ Aƒetɔ la ƒe Kristo.


To xɔse me wokɔ Enɔk dzoe tso agbe sia me, ale be meɖɔ ku kpɔ o, ale womegakpɔe o, elabena Mawu kɔe dzoe. Elabena hafi woakɔe dzoe la, wogblɔ tso eŋu be Mawu kpɔ ŋudzedze le eya amea ŋuti.


Amegbetɔ kae anɔ agbe, eye maku o, alo aɖe eɖokui tso tsiẽƒe ƒe ŋusẽ me? Sela


Togbɔ be mienyae o hã la, nye ya menyae. Ne megblɔ be nyemenyae o la, ekema menye alakpatɔ abe miawo ke ene. Ke nye la, menyae, eye meɖoa to eƒe gbe.


Yesu gaƒo nu na ameawo, eye wògblɔ be, “Nyee nye xexea me ƒe Kekeli la. Ame si dze yonyeme la, mazɔ viviti me o, elabena agbe ƒe kekeli la aklẽ ɖe eƒe mɔ dzi.”


“Vavã mele egblɔm na mi bena, mi ame siwo le tsitre le afi sia la dometɔ aɖewo anɔ agbe, akpɔm mava kple nye mawufiaɖuƒe la.”


Yudatɔwo ƒe dumegãwo gagblɔ nɛ be, “Azɔ míeka ɖe edzi be, gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò vavã, elabena Abraham kple nyagblɔɖilawo hã ku. Ke wò la, èle gbɔgblɔm be ame si xɔ ye dzi se la maku gbeɖe o.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame si lɔ̃m la awɔ ɖe nye nufiafia dzi. Fofonye hã alɔ̃e, eye nye kple Fofonye míava egbɔ, eye míawɔ nɔƒe ɖe egbɔ.


“Megblɔ ame si ƒomevi nènye la na ame siwo nènam le xexea me la. Tɔwòwoe wonye; ètsɔ wo nam, eye wowɔ ɖe wò nyawo dzi.


Míekpɔ Yesu, ame si wowɔ wòɖiɖi vie wu mawudɔlawo, ke fifia la, woɖɔ bubu kple ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku nɛ, elabena ekpe fu yi ɖe ku me ale be to Mawu ƒe amenuveve me wòaxɔ ku ɖe ame sia ame nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite