Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 8:26 - Agbenya La

26 Nya geɖe le asinye magblɔ tso mia ŋuti, eye mate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe wo ta. Ame si dɔm la nye nyateƒetɔ, eye nya siwo mese tso egbɔ lae megblɔna na xexea me.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Nu geɖewo le asinye, be magblɔ, eye madrɔ̃ ʋɔnu le mia ŋuti; ke amesi dɔm ɖa la, enye nyateƒetɔ, eye nusiwo nye hã mese le egbɔ la, nu mawo ke megblɔna na xexeame.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 8:26
17 Referans Kwoze  

Nyemagayɔ mi be subɔlawo o, elabena aƒetɔ mate ŋu agblɔ eƒe nya ɣaɣlawo na subɔla o. Ke meyɔ mi be xɔ̃nyewo, elabena megblɔ nya sia nya si Fofo la gblɔ nam la na mi.


Ke miawo la, miele agbagba dzem be yewoawum, elabena mele nyateƒe si mese tso Mawu gbɔ la gblɔm na mi. Abraham mewɔ nu siawo ƒomevi aɖeke o.


elabena nya si nède asinye la metsɔe na wo, eye woxɔe. Wonyae kɔtɛe be metso gbɔwò, eye woxɔe se hã be wòe dɔm ɖo ɖa.


Esi Yesu ganɔ nu fiam le gbedoxɔa me la, edo ɣli be, “Ɛ̃, mienyam, eye mienya afi si metso. Nyemeva afi sia le ɖokuinye si o; ame si dɔm la nye nyateƒetɔ. Miawo la, mienyae o,


Gbeɖe, mele eme nenema o. Abe ale si Mawu nye nyateƒetɔ ene la, nyemenye ame ma ƒomevi o. Nye “ɛ̃” nye “ɛ̃.”


“Nya geɖe le asinye be magblɔ na mi, gake miate ŋu ase wo gɔme fifia o.


Yesu ɖo eŋu be, “Nye la, nyemele nu siwo menya la fiam o, ke boŋ etso Mawu si dɔm ɖa la gbɔ.


Le nyateƒe me la, míeƒoa nu tso nu siwo míenya la ŋu, eye míeɖia ɖase tso nu siwo míekpɔ la ŋu, ke miexɔa míaƒe ɖaseɖiɖi o.


Ameawo gabiae be, “Gblɔ ame si tututu nènye la na mi.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Megblɔ ame si menye la na mi tso gɔmedzedzea me ke.


Ameawo mese nu si gblɔm wònɔ na wo tso Fofo la ŋuti la gɔme o.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Meƒo nu le dutoƒo na xexea me. Mefia nu edziedzi le ƒuƒoƒewo kple gbedoxɔ la me, afi si Yudatɔwo katã ƒoa ƒu ɖo. Nyemegblɔ nya aɖeke le ɣaɣlaƒe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite