Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 8:18 - Agbenya La

18 Nye la, meɖia ɖase tso ɖokuinye ŋu. Fofo si dɔm la hã ɖia ɖase tso ŋunye.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Nyee nye amesi le ɖase ɖim le ɖokuinye ŋuti, eye Fofo, si dɔm ɖa la, ɖia ɖase le ŋutinye.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 8:18
16 Referans Kwoze  

Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be meli hafi wodzi Abraham.”


Nu siwo gblɔm mele na mi la nye esiwo teƒe mekpɔ le Fofonye gbɔ, gake miawo la, miewɔna ɖe nya si mia fofo gblɔ la dzi.”


Mawu ŋutɔ hã ɖo kpe woƒe ɖaseɖiɖi dzi to dzesiwo, nukunuwo kple nukudɔ vovovowo dzi, eye wòna Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nunana amewo le ale si wòlɔ̃ nu.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee nye Mɔ la, Nyateƒe la kple Agbe la. Ame aɖeke mate ŋu ayi Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.


“Nyee nye alẽkplɔla nyui la. Menya nye alẽwo, eye nye alẽwo hã nyam,


“Nyee nye alẽkplɔla nyui la. Alẽkplɔla nyui la tsɔ eƒe agbe na ɖe alẽawo ta.


Nyee nye agbo la. Ame si to agbo la nu la, akpɔ ɖeɖe. Age ɖe eme, agado aɖaɖu gbe damawo.


Mele nyateƒe la gblɔm na mi be ame si ɖoa tom la, mele kuku ge akpɔ o.”


Ameawo gabiae be, “Gblɔ ame si tututu nènye la na mi.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Megblɔ ame si menye la na mi tso gɔmedzedzea me ke.


Yesu gaƒo nu na ameawo, eye wògblɔ be, “Nyee nye xexea me ƒe Kekeli la. Ame si dze yonyeme la, mazɔ viviti me o, elabena agbe ƒe kekeli la aklẽ ɖe eƒe mɔ dzi.”


Nye kple Fofonye la, ame ɖekae míenye.”


Yesu gblɔ nɛ be, “Nyee nye Tsitretsitsi la kple Agbe la. Ame si xɔa dzinye sena la, togbɔ be aku hã la, aganɔ agbe;


“ ‘Ele be woawu hlɔ̃dolawo katã, gake ele be ɖasefowo nasɔ gbɔ wu ɖeka. Womawu hlɔ̃dola aɖeke si ŋu ɖasefo ɖeka pɛ ko ɖi ɖase le o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite