Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 8:15 - Agbenya La

15 Miawo la, miedrɔ̃a ʋɔnu le amegbetɔwo ƒe nugɔmesese nu. Nye la, nyemedrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Miawo la ŋutilã nu miedrɔ̃a ʋɔnu ɖo, nye la nyemedrɔ̃a ʋɔnu amea ɖeke o.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 8:15
17 Referans Kwoze  

Ke Yehowa gblɔ na Samuel be, “Mègakpɔ eƒe dzedzeme alo eƒe atsudzɔdzɔ o elabena megbee. Yehowa mekpɔa nu si amewo kpɔna la o. Amegbetɔ kpɔa nuwo ƒe gota ƒe dzedzeme, ke Yehowa ya kpɔa ame ƒe dzime.”


“Ke ame si se nye nyawo, gake mewɔ ɖe wo dzi o la, nyemadrɔ̃ ʋɔnui o. Elabena nyemeva be madrɔ̃ ʋɔnu xexea me o, ke boŋ be maɖe xexea me.


Migadrɔ̃ ʋɔnu ɖe dzedzeme nu o, ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu ɖe dzɔdzɔenyenye nu, eye miadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.”


Mawu meɖo Via ɖa be wòava drɔ̃ ʋɔnu xexea me o, ke boŋ be wòaɖe xexea me to edzi.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o. Ɖe nye fiaɖuƒe tso xexe sia me la, ne nye dɔlawo awɔ aʋa ɖe nunye be Yudatɔwo ƒe amegãwo malém o. Nye fiaɖuƒe tso teƒe bubu.”


Ke ame si me Gbɔgbɔ la le la sea nu sia nu me tsitotsito eye esia ɖea fu na xexea me tɔwo, ame siwo me Gbɔgbɔ la mele o, elabena woawo mate ŋu ase nu siawo gɔme o.


Esia ta taflatsedodo aɖeke mele wò, ame si drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la si o. Nu si nètsɔna drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la, eya ke nètsɔna drɔ̃a ʋɔnu ɖokuiwò, elabena wò ame si le ʋɔnu drɔ̃m ame bubu la, wò ŋutɔ èwɔa nu siawo ke.


Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Ao, Aƒetɔ.” Yesu gblɔ nɛ be, “Nye hã nyemebu fɔ wò o; heyi, eye tso esia dzi, la mègawɔ nu vɔ̃ azɔ o.”]


O, mi ame siwo trɔ afia nyui tsotso wòzu vevesese, eye mietsɔ dzɔdzɔenyenye ƒu gbe ɖe anyigba!


ɖe miede vovototo ameawo me le mia dome, eye miezu ʋɔnudrɔ̃la siwo me susu vɔ̃ɖiwo le o mahã?


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ŋutsu, ame kae ɖom miaƒe ʋɔnudrɔ̃lae be matso nya sia ƒomevi me?”


Ŋusẽ megale se la si o eye afiaŋkunɔtsotso bɔ ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒewo elabena ame vɔ̃ɖiwo ɖe to ɖe ame dzɔdzɔewo. Eya ta wotsyɔ nu nya dzɔdzɔe dzi.


Sɔwo ate ŋu aƒu du le agakpewo dzia? Ɖe nyitsu siwo wotsɔna ŋlɔa agblee la ate ŋu aŋlɔ atsiaƒu dzia? Ke mietrɔ afia nyui tsotso wòzu aɖi, eye miedo ŋunyɔ nu sia nu si nye nu dzɔdzɔe la wòzu atsa.


Eya ta tso fifia dzi heyina la, migadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖeke le ŋutilã nu be ame sia nye amegã alo bubume alo be nɔvi kristotɔ aɖe nye nu vɔ̃ wɔla o. Ŋku ma ƒomevie míetsɔ kpɔ Kristoe tsã be enye vɔ̃wɔla, gake fifia la, meganye nenemae míegale ekpɔm o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite