Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 7:6 - Agbenya La

6 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɣeyiɣi sia menye ɣeyiɣi nyuitɔ nam be mayi o, ke miawo la, ɣeyiɣi ɖe sia ɖe nyo na mi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Yesu gblɔ na wo bena: Nye azãgbe la meɖo haɖe o: ke miawo la miaƒe azãgbe la ɖona ɖaa.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 7:6
10 Referans Kwoze  

Mido ŋgɔ mianɔ yiyim faa. Ne ɣeyiɣi nyuitɔ ɖo nam ko la, nye hã madze mia yome.”


Yesu ɖo eŋu na dadaa be, “Aƒenɔ, nu ka dim nèle be mawɔ na wò fifia? Nye ɣeyiɣi meɖo haɖe o.”


Le Yesu ƒe nya siawo ta la, Yudatɔwo ƒe amegãwo di be yewoalée, gake ame aɖeke mete ŋu ka asi eŋu o, elabena Mawu ƒe ɣeyiɣi si wòɖo la mede haɖe o.


Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, ewu mo dzi, do gbe ɖa gblɔ be, “Fofo, ɣeyiɣi la de azɔ. Ɖe Viwò la ƒe Ŋutikɔkɔefia ne Viwò hã naɖe wò ŋutikɔkɔe afia.


Azɔ esusɔ ŋkeke ɖeka ko ne Ŋutitotoŋkekenyui la naɖo, eye Yesu nya be ɣeyiɣi la de be yeadzo le xexea me, atrɔ ayi Fofo la gbɔ. Elɔ̃ etɔ siwo le xexea me ŋutɔ, eye wògaɖe eƒe lɔlɔ̃ fia wo.


Yesu gblɔ nya siawo, esi wònɔ nu fiam le gbedoxɔ la ƒe teƒe si te ɖe afi si wodaa nunaɖakawo ɖo. Gake ame aɖeke melée o, elabena eƒe ɣeyiɣi la meɖo haɖe o.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne miege ɖe dua me teti ko la, miado go ŋutsu aɖe. Migblɔ nɛ be, ‘Míaƒe Nufiala ɖo mí ɖe gbɔwò be míagblɔ na wò be yeƒe ɣeyiɣi la ɖo azɔ, eya ta ye kple yeƒe nusrɔ̃lawo yewoava adze gbɔwò aɖu Ŋutitotoŋkekenyui la.’ ”


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Fofo la ŋutɔe ɖo ŋkeke na nu siawo tɔgbi le eƒe ŋusẽ me, eye mehiã be miawo mianya ɣeyiɣi la kple ŋkeke la o.


Ke wò la àtso, akpɔ nublanui na Zion, elabena ɣeyiɣi de be nàve enu, ɛ̃, ɣeyiɣi ɖoɖi la de.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite