43 Ale mama ɖo ameawo dome ɖe Yesu ta.
43 Ale ameha la dome ma le eyama ta.
Yesu ƒe nya siawo gahe mama de Yudatɔwo dome.
Farisitɔwo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Ŋutsu sia metso Mawu gbɔ o, elabena mede bubu Dzudzɔgbe ŋkeke la ŋu o.” Ke bubuawo bia be, “Aleke nu vɔ̃ wɔla nate ŋu awɔ nukunu siawoe?” Ale mama ɖo wo dome.
Ame geɖewo nɔ nu ƒom le eŋu le amehawo dome. Ame aɖewo gblɔ be, “Enye ame nyui.” Ame bubuwo hã gblɔ be, “Alakpatɔ wònye le amewo flum.”
Dua me tɔwo ma ɖe akpa eve, ɖewo nɔ Yudatɔwo ƒe dumegãwo yome eye ɖewo hã nɔ apostoloawo yome.
Miebu be ŋutifafae metsɔ va anyigba dzia? Gbeɖe, dzre kple domemama boŋ metsɔ vɛ.
elabena meva be mana, “ ‘ŋutsu natso ɖe fofoa ŋu, vinyɔnu natso ɖe dadaa ŋu, eye lɔ̃xoyɔvi natso ɖe lɔ̃xoa ŋu.