Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 6:57 - Agbenya La

57 Abe ale si Fofo gbagbe la dɔm ɖa, eye mele agbe le Fofo la ta ene la, nenema ke ame si ɖua nye ŋutilã la anɔ agbe, elabena mena agbe wo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

57 Sigbe alesi Fofo gbagbe la dɔm ɖa, eye nye la mele agbe le Fofoa ŋuti la, nenema ke amesi ɖuam la, eya hã anɔ agbe le ŋutinye.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 6:57
19 Referans Kwoze  

Woklã nye kple Kristo ɖe ati ŋu, eye meganye nyee le agbe o, ke boŋ Kristoe le agbe le menye. Agbe si mele fifia le ŋutilã me la, mele agbe la to Mawu ƒe Vi la dzixɔse me, ame si lɔ̃m, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe tanye.


Abe ale si agbe le Fofo la ŋutɔ me ene la, nenema kee wòna be agbe nanɔ Via hã me,


be wo katã woanɔ ɖeka abe ale si wò, Fofo la, nèle menye, eye nye hã mele mewò ene. Na woawo hã nanɔ mía me, be xexea me naxɔe ase be wòe dɔm.


Ale si Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia le mía dome lae nye: eɖo via ɖeka hɔ̃ɔ ɖe xexea me be míanɔ agbe to eya amea me.


Mawu meɖo Via ɖa be wòava drɔ̃ ʋɔnu xexea me o, ke boŋ be wòaɖe xexea me to edzi.


elabena woawo boŋ gblɔa ale si miexɔ mí kple dzidzɔ manyagblɔ kple ale si mietrɔ tso trɔ̃subɔsubɔ gbɔ va Mawu gbɔ, eye Mawu gbagbe nyateƒetɔ la koe zu miaƒe Aƒetɔ la na mí.


Be woaka ɖe edzi na mi la, woklãe ɖe ati ŋu le gbɔdzɔgbɔdzɔ me, ke hã la, ele agbe to Mawu ƒe ŋusẽ me. Nenema ke míegbɔdzɔ le eya amea me, gake to Mawu ƒe ŋusẽ me la, míele agbe be míasubɔ mi.


Elabena ale si amewo katã ku le Adam me la, nenema ke woagbɔ agbe amewo katã hã le Kristo me.


Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, xexea me tɔwo magakpɔm o, ke miawo ya, miakpɔm. Esi mele agbe ta la, miawo hã mianɔ agbe.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee nye Mɔ la, Nyateƒe la kple Agbe la. Ame aɖeke mate ŋu ayi Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.


Simɔn Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Kristo, Mawu gbagbe la ƒe Vi.”


Ke Yehowa koe nye nyateƒe ƒe Mawu, eyae nye Mawu gbagbe kple Fia mavɔ. Ne ebi dzi la, anyigba ʋuʋuna eye dukɔwo mate ŋu anɔ te ɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu o.


Yehowa li tegbee! Woakafu nye Agakpe la! Woado Mawu, nye Xɔla la, ɖe dzi bobobo!


ekema Kristo, ame si to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu fɔɖiɖimanɔmee la ƒe ʋu aklɔ míaƒe dzitsinyawo ŋuti tso nu siwo hea ku vanɛ la me wu, ale be míate ŋu asubɔ Mawu gbagbe la.


Yesu ɖo eŋu be, “Enye Mawu ƒe didi be miaxɔ ame si wòɖo ɖa la dzi ase.”


Elabena nyemetso dziƒo va be mawɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu.


Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe na mí be, “Ame gbãtɔ, Adam, zu luʋɔ gbagbe.” Ke Adam mamlɛtɔ la zu gbɔgbɔ si na agbe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite