Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 6:44 - Agbenya La

44 Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe Fofo si dɔm ɖa la hee ɖe ŋunye, eye le nuwuwuŋkeke la dzi la, mana ame siawo natsi tsitre.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

44 Amea ɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm da lae hee vɛ o, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 6:44
22 Referans Kwoze  

Yesu gagblɔ be, “Esia ta megblɔ na mi be ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe Fofo la ŋutɔe hee ɖe ŋunye.”


Gake nye la, ne wokɔm ɖa tso anyigba la, mahe amewo katã ɖe ɖokuinye ŋu.”


Yesu gblɔ nɛ be, “Mawu neyra wò, Simɔn Yona ƒe vi, elabena Fofonye si le dziƒo la ŋutɔe ɖe nu sia fia wò, ke menye amegbetɔ aɖeke gbɔe wòtso o.


Abe ale si woŋlɔe ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene la, ‘Mawu afia nu wo katã.’ Ame siwo katã ɖo to Fofo la, eye wosrɔ̃ nyateƒe la le egbɔ la vaa gbɔnye.


Yehowa ɖe eɖokui fia mi tsã hegblɔ be, “Melɔ̃ wò kple lɔlɔ̃ mavɔ, metsɔ amenuveve he wò ɖe ɖokuinye ŋuti.


Aleke miawɔ axɔ se ne miexɔ kafukafu tso mia nɔewo gbɔ, gake miedzea agbagba be yewoaxɔ kafukafu tso Mawu ɖeka hɔ̃ɔ la gbɔ o?


Mekplɔ wo kple dɔmenyo ƒe ka, eye mebla wo kple lɔlɔ̃. Meɖe kɔkuti la le woƒe kɔ, eye mebɔbɔ na nuɖuɖu wo.


To mawutsideta me, mieku kplii, eye mietsi tsitre kplii to miaƒe xɔse si le Mawu ƒe ŋusẽ si fɔe tso ame kukuwo dome la me.


Miawo la, menye Kristo dzi xɔxɔ se ƒe mɔnukpɔkpɔ ko wona mi o, ke boŋ be miakpe fu ɖe eta hã.


Kplɔm ɖe asi, na míaɖe abla! Fia la nekplɔm yi eƒe xɔ mee. Míatso aseye, akpɔ dzidzɔ ɖe ŋutiwò, eye míakafu wò lɔlɔ̃ wu wain. Ele eteƒe be wole lɔ̃wòm alea!


Nu ka ta miele nye nyawo gɔme sem o ɖo? Elabena mieɖoa to nye nyawo o.


Ɖe Etiopiatɔ ate ŋu atrɔ eƒe ŋutigbalẽ alo lãkle natrɔ agbalẽ ŋɔtaŋɔta si le eŋutia? Nenema kee mi ame siwo vɔ̃wɔwɔ ma la, miate ŋu awɔ nyui o.”


Mi, da ƒe dzidzimeviwo! Aleke mi ame vɔ̃ɖi siawo miate ŋu agblɔ nya nyui aɖee? Elabena nya sia nya si ame gblɔna la tso eƒe dzi me.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Migalĩ liʋĩliʋĩ be megblɔ nya sia o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite