Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 5:15 - Agbenya La

15 Ŋutsu la dzo, eye wòyi ɖagblɔ na Yudatɔwo be Yesue nye ame si da gbe le ye ŋu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Ame la to dzi heyi ɖagblɔ na Yudatɔwo bena, Yesu yenye amesi na yeƒe lãme sẽ.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 5:15
12 Referans Kwoze  

“Miva kpɔ ŋutsu aɖe si gblɔ nu siwo katã mewɔ kpɔ la nam ɖa. Ɖe manye eyae nye Kristo la oa?”


Wogblɔ na ŋutsu la be, “Wò la, nu vɔ̃ me wodzi wò ɖo. Nu ka ta nèdi be yeafia nu mí ɖo?” Ale wonyae do goe.


Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Ewɔ nuku ŋutɔ be mienya afi si wòtso o, gake eyae ʋu nye ŋkuwo nam.


Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Eɖanye nu vɔ̃ wɔla o, eɖanye ame nyui o, nyemenya o. Nu ɖeka si ko menya lae nye be, tsã la, menye ŋkuagbãtɔ, ke azɔ la, mele nu kpɔm!”


Farisitɔ la hã biae be aleke wòwɔ hafi nèle nu kpɔm? Egblɔ na wo be, “Etsɔ ba sisi ɖe nye ŋkuwo dzi, eye meɖale tsi, eye nye ŋkuwo ʋu, eye mele nu kpɔm.”


Wobiae be, “Ame kae nye ame si gblɔ na wò be nàkɔ wò aba?”


Azɔ esiae nye Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi esime Yudatɔ siwo le Yerusalem la dɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ɖo ɖe egbɔ be woabiae be, “Ame kae nènye?”


Gake esi ŋutsu la dzo yina la, eɖe gbeƒã eƒe lãmesẽkpɔkpɔ la na amewo le mɔa dzi. Le esia ta ameha gã aɖe nye zi ɖe Yesu dzi, ale be megate ŋu yi du aɖeke me o, ke boŋ etsi gbea dzi. Ke le afi sia hã la, amewo tso teƒeteƒewo va egbɔ.


Esia ta, Yudatɔwo do dɔmedzoe ɖe eŋu. Wogblɔ na ame si ŋu woda gbe le la be, “Egbee nye Dzudzɔgbe, eya ta se la meɖe mɔ be nàlé wò aba ɖe asi o. Mɔɖeɖe hã meli be nàlé aba ɖe asi anɔ yiyim o!”


Esi Yesu nɔ gbe dam le amewo ŋu le Dzudzɔgbe dzi ta la, Yudatɔwo ti eyome vevie.


Esia ta Yudatɔwo gadze agbagba vevie be yewoawui, elabena kpe ɖe Dzudzɔgbe ŋkeke la ƒe sea dzi dada ŋu la, ele Mawu yɔm be ye Fofo hetsɔ eɖokui sɔ kple Mawu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite