Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 4:40 - Agbenya La

40 Azɔ esi Samariatɔwo va egbɔ la, woɖe kuku nɛ be, wòanɔ yewo gbɔ, eye wònɔ wo gbɔ ŋkeke eve

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

40 Azɔ esi Samariatɔwo va egbɔ la, woɖe kuku nɛ bena, wòanɔ yewo, gbɔ, eye wònɔ afima ŋkeke eve.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 4:40
15 Referans Kwoze  

Kpɔ ɖa! Metsi tsitre ɖe ʋɔtru la nu, eye mele eƒom. Ne ame aɖe se nye gbe, eye wòʋu ʋɔa la, mage ɖe eme, eye mi kplii míade asi agba me aɖu nu ɖekae.


Esia ta míede mawutsi ta na eya kple eƒe aƒemetɔwo katã, eye emegbe la, ekpe mí be míava dze yeƒe aƒe me. Lidia gblɔ na mí be, “Ne miexɔe se tututu be menye Aƒetɔ la dzixɔsela vavã la, ekema miva dze gbɔnye.” Eƒoe ɖe mía nu ʋuu va se ɖe esime míelɔ̃ ɖadze egbɔ.


woɖe kuku nɛ be wòatsi yewo gbɔ adɔ ŋu nake, elabena zã do vɔ keŋ. Ale Yesu lɔ̃, eye wòyi woƒe aƒe me.


Hafi wòadzo la, ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃awo le la ɖe kuku nɛ vevie be yeayi kplii. Ke Yesu gbe gblɔ nɛ be,


O Israel ƒe Mɔkpɔkpɔ, eƒe Ɖela le xaxawo me; nu ka ta nèle abe amedzro ene le anyigba dzi, eye abe mɔzɔla si va anyi tsi ge ŋkeke ɖeka ko ene?


Nyemekpɔ dze le wo ŋu hafi kpɔ ame si nye dzi lɔ̃na la o. Meku ɖe eŋu goŋgoŋgoŋ be madzo o, va se ɖe esime mekplɔe yi danye ƒe aƒe me, yi ɖe ame si dzim la ƒe xɔ me.


Lé nufiame ɖe asi, mègana wòado le asiwò o; dzɔ eŋuti nyuie elabena eyae nye agbe na wò.


Tete ŋutsu la gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le ŋunye mayi, elabena ŋu le kekem.” Ke Yakob ɖo eŋu be, “Nyemele asi ɖe ge le ŋuwò o, negbe ɖeko nàyram hafi.”


Marta nɔvi Maria va nɔ Aƒetɔ la ƒe afɔ nu le anyigba nɔ eƒe nyawo sem.


Samariatɔ geɖewo xɔ Yesu dzi se ɖe nya si nyɔnu la gblɔ na wo be, “Egblɔ nu sia nu si mewɔ kpɔ la nam la ta.” la ta.


Le eƒe nyawo ta la, ame geɖewo xɔ edzi se.


Le ŋkeke eve megbe la, edzo yi Galilea.


Esia wɔe be dzidzɔ blibo yɔ dua me fũu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite