Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 4:39 - Agbenya La

39 Samariatɔ geɖewo xɔ Yesu dzi se ɖe nya si nyɔnu la gblɔ na wo be, “Egblɔ nu sia nu si mewɔ kpɔ la nam la ta.” la ta.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 Eye tso du ma me Samariatɔwo dome ame geɖe xɔ edzi se le nyɔnu, si ɖi ɖase bena: Egblɔ nusiwo katã mewɔ kpɔ la fiãm la, ƒe nya ŋuti.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 4:39
11 Referans Kwoze  

“Miva kpɔ ŋutsu aɖe si gblɔ nu siwo katã mewɔ kpɔ la nam ɖa. Ɖe manye eyae nye Kristo la oa?”


Le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, eva ɖo Samariatɔwo ƒe du aɖe si woyɔna be Sikar la me, si te ɖe anyigba si Yakob na via Yosef la ŋu.


Yudatɔ siwo va be yewoakpɔ Maria ɖa, eye wokpɔ nu si Yesu wɔ la xɔ edzi se.


Ale wova gblɔ na nyɔnu si do goe gbã le vudoa to la be, “Míawo hã míexɔ edzi se, elabena míawo ŋutɔ hã míese nya geɖewo tso eƒe nu me, ke menye le wò ɖaseɖiɖi ɖeɖe ko ta o. Míenya be ame siae nye xexea me ƒe Ɖela la vavã.”


Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo kple gbedeasi sia be, “Migayi Trɔ̃subɔlawo kple Samariatɔwo gbɔ o,


(Eƒe nusrɔ̃lawo yi kɔƒea me yi nuɖuɖu ƒle ge.)


Ale amewo tso dua me va be yewoakpɔe.


Nye la, medɔ mi be miayi aɖaŋe nu le afi si mieƒã nu ɖo o la; ame bubuwoe ƒã nua hafi miawo mieyi ɖaŋe.”


Azɔ esi Samariatɔwo va egbɔ la, woɖe kuku nɛ be, wòanɔ yewo gbɔ, eye wònɔ wo gbɔ ŋkeke eve


Nusrɔ̃la eveawo se nya sia, eye wodze Yesu yome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite