Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 4:3 - Agbenya La

3 Esi Yesu se nya sia la, edzo le Yudea, hetrɔ yi Galilea.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 egblẽ Yudea ɖi, eye wògadzo heyina Galilea.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 4:3
11 Referans Kwoze  

“Nenye be woti mia yome le du aɖe me la, misi yi du bubu me! Vavã mele egblɔm na mi bena, nye Amegbetɔ Vi, matrɔ agbɔ hafi miawu tsatsa le Israel duwo katã me nu.


Esia ta Yesu megayia dutoƒo le Yudatɔwo dome. Edzo yi dzogbekɔƒe aɖe si woyɔna be Efraim la me, afi si eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ.


Yesu gatrɔ ɖatso Yɔdan tɔsisi la yi egodo, eye wòyi ɖanɔ afi si Yohanes nɔ mawutsi dem ta na amewo le tsã la.


Le esia megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Yerusalem heyi Yudea nyigba dzi, afi si wonɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo hede mawutsi ta na amewo.


Esiae nye dzesi gbãtɔ si Yesu wɔ le Kana le Galilea hetsɔ ɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia, eye eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi se.


Esi ŋu ke la, Yesu ɖoe be yeayi Galilea. Esi wònɔ mɔa dzi yina la, edo go Filipo, eye wògblɔ nɛ be, “Va, nàdze yonyeme.”


Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui ɖe aga heyi ƒua ta, eye ameha gã aɖe dze wo yome tso Galilea.


Eɖia ɖase le nu si wokpɔ kple nu si wose la ŋuti, gake ame aɖeke mexɔa eƒe ɖaseɖiɖiwo dzi sena o.


Esi wonɔ woƒe mɔzɔzɔ dzi ɖo ta Yerusalem la, wova ɖo Galilea kple Samaria ƒe liƒo dzi.


Esi ŋutsu sia se be Yesu tso Yudea va ɖo Galilea la, eyi egbɔ heɖe kuku nɛ be wòava yɔ dɔ ye viŋutsuvi si ɖo kudo nu la na ye.


Emegbe la, Yesu yi Galilea henɔ tsatsam le kɔƒewo me. Medi be yeayi Yudea o, elabena Yudatɔwo nɔ nugbe ɖom ɖe eŋu le afi ma be yewoawui.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite