Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 4:15 - Agbenya La

15 Nyɔnu la gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, na tsi sia ƒe ɖem, be tsikɔ magawum ne mava nɔ tsi kum le afi sia gbe sia gbe o.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Nyɔnua gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, na tsi siam, bena tsikɔ nagawum alo mava afisia tsi du ge o.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 4:15
11 Referans Kwoze  

Ameawo gblɔ be, “Aƒetɔ, tso fifia heyi la, na abolo sia mí.”


Ame siwo zɔna le ŋutilã nu la ƒe susuwo nɔa ŋutilã ƒe nudzodzrowo ŋuti; gake ame siwo zɔna le Gbɔgbɔ la nu la ƒe susuwo nɔa Gbɔgbɔ la ƒe nudzodzrowo ŋu.


Elabena nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku, ke Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana lae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ la me.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Le nyateƒe me la, miele diyem, menye ɖe esi miekpɔ nukunuwo ta o, ke boŋ le nuɖuɖu si mena mi etsɔ la ta.


Ame geɖewo le biabiam be, “Ame kae afia nu nyui aɖe mí?” Na wò mo ƒe kekeli naklẽ ɖe mía dzi, O! Yehowa.


Míenyae hã be Mawu Vi la va, eye wòna nugɔmesese mí, ale be míanye eya ame si nye nyateƒea. Míele nyateƒea si nye Via Yesu Kristo la me. Eyae nye nyateƒe Mawu kple agbe mavɔ la.


Ne miebia la, miaƒe asi mesua edzi o, elabe miebia kple susu vɔ̃ɖi, miebia nu siwo miawɔ yakayaka na mía ɖokuiwo.


Eya ta ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, mate ŋu ase Mawu ƒe nya siawo gɔme o, eye maxɔ wo dzi ase hã o. Nya siawo katã aɖi bometsinya le to me na ame sia tɔgbi elabena ame siwo me Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le la koe ate ŋu ase nya si gblɔm Gbɔgbɔ la le la gɔme.


Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Yi nàyɔ srɔ̃wò vɛ.”


Yesu gblɔ be, “Nyee nye agbebolo la. Ame si ava gbɔnye la, dɔ magawui akpɔ o, eye ame si xɔ dzinye se la, tsikɔ magawui gbeɖe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite