Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 3:14 - Agbenya La

14 Abe ale si Mose kɔ akɔblida la ɖe dzi le gbea dzi ene la, nenema ke woakɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzii,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye abe alesi Mose kɔ da la ɖe dzi le gbeadzi ene la, nenema ke woakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi tsã,

Gade chapit la Kopi




Yohanes 3:14
16 Referans Kwoze  

Ale Yesu gagblɔ na wo be, “Ne miekɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzi la, ekema mianya be, nyee nye ame si megblɔ be menye la, eye nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o, ke boŋ nya siwo Fofo la fiam be magblɔ la.


Azɔ, abe ale si Mawu ŋutɔ wɔ ɖoɖo da ɖi xoxo ene la, eɖe mɔ na mi, mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi, klã Yesu ɖe atitsoga ŋu eye miewui.


Ke ne mewɔ nenema ɖe, aleke nya siwo woŋlɔ da ɖi le mawunya me siwo le dzɔdzɔm fifia hã la awɔ hafi ava eme?”


Avuwo ƒo xlãm, ame vɔ̃ɖiwo ƒe ha ɖe to ɖem, eye wotsɔ nu ŋɔ nye asiwo kple afɔwo.


Hezekia gbã nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi kple woƒe aƒeliwo. Eho aƒeliwo, hegbã akɔblida si Mose wɔ eye wona ŋkɔe be Nehustan elabena va se ɖe fifia la, Israelviwo gadoa dzudzɔ nɛ.


Ke nu kae va dzɔ, nunɔlagãwo kple míaƒe agbalẽfialawo lée hetsɔ de asi na Roma dziɖuɖua be woatso kufia nɛ. Ale Roma dziɖuɖua tso kufia nɛ, eye woklãe ɖe ati ŋu.


Gbe ma gbe la, Yese ƒe ke la anye aflaga na anyigbadzitɔwo katã. Dukɔwo katã ava ƒo zi ɖe eŋu, elabena eƒe nɔƒe anye ŋutikɔkɔeteƒe.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Abeiwo la, do le wo si wodɔa eme, xeviwo la, atɔ le wo si wodɔa eme, gake Amegbetɔ Vi la mekpɔ afi si wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.”


Nyee nye agbebolo si tso dziƒo va. Ne ame aɖe ɖu abolo sia la, anɔ agbe tegbee. Abolo siae nye nye ŋutilã si matsɔ ana ɖe xexea me ƒe agbe ta.”


Esia dzɔ be nya siwo Yesu gblɔ ɖi tso ku si ƒomevi wòaku ŋu la nava eme.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite