Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 3:10 - Agbenya La

10 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Wò, Israel ƒe nufiala, mèse nu siawo gɔme oa?

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Yesu ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Israel ƒe nufiala nènye, eye menya nusiawo o mahã?

Gade chapit la Kopi




Yohanes 3:10
28 Referans Kwoze  

Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miewɔ vodada gã aɖe ŋutɔ, elabena mienya mawunya kple Mawu ƒe ŋusẽ o.


Mana dzi si to mɔ ɖeka wo, eye made gbɔgbɔ yeye wo me. Maɖe kpedzi la ɖa le wo me, eye mana lãkusidzi wo.


Miɖe asi le wo ŋuti! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye. Ne ŋkuagbãtɔ le ŋkuagbãtɔ kplɔm la, wo kple eve la woage ɖe do me.”


Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu do gbe ɖa be, “Mekafu wò, O Fofo, dzi kple anyigba ƒe Aƒetɔ, be nèɣla nu siawo ɖe xexe sia me ƒe nunyala gãwo, eye nèɖee fia ame siwo xɔ dziwò se abe ɖeviwo ene la.


“Esiae nye nubabla kple Israel ƒe aƒe la le ɣeyiɣi ma megbe,” Yehowae gblɔe. “Matsɔ nye se ade woƒe susuwo me eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋuti. Manye woƒe Mawu, eye woanye nye dukɔ.


Israel ƒe gbetakpɔlawo katã nye ŋkugbagbãtɔwo. Nunya metso aƒe ɖe wo gbɔ o. Avu si ƒe aɖe tu lae wonye. Womate ŋu awo o. Womlɔa anyi hekua drɔ̃e, eye alɔ̃ vivia wo nu.


Ame siawo kplɔlawo nye ameblelawo, eye ame siwo blem wole la bu.


Vavã, Mawu wɔ nyui na Israel kple ame siwo dza le woƒe dzi me.


O! Mawu, wɔ dzi dzadzɛ aɖe nam, eye nàgbugbɔ gbɔgbɔ si li ke la de menye.


Vavã, nyateƒe si tso dzi me ke la nèdina; èfia nunyam le ememe ke.


Na dzi nyui si trɔ ɖe Mawu ŋu la vinye, Solomo, ale be wòawɔ wò sewo dzi le nu suetɔwo kekeake me eye wòakpɔ mɔ na wò gbedoxɔ si tutu ta mewɔ dzadzraɖo siawo katã la ƒe nuwuwu.”


Yehowa, miaƒe Mawu la akɔ mi kple mia viwo kple miaƒe tɔgbuiyɔviwo ƒe dziwo ŋuti, ale be miagalɔ̃e kple miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo, eye Israel agagbɔ agbe.


eya ta mikɔ miaƒe nu vɔ̃ dziwo ŋu, eye miadzudzɔ kɔlialiatɔwo ƒe agbenɔnɔ.


elabena mí ame siwo subɔna le Mawu ƒe gbɔgbɔ me lae nye aʋatsotso nyuitɔ, ame siwo kpɔa dzidzɔ le Kristo Yesu me, eye womeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋu o,


Ame si nye Yudatɔ le gotagome la, menye Yudatɔ vavã o, elabena aʋatsotso menye gotagomenu kple ŋutilãmenu ɖeɖe ko o.


Eya amea me hã wotso aʋa na mi, le esime mieɖe miaƒe dzɔdzɔmenu vɔ̃ si nye ŋutilã la ɖa, menye kple aʋatsotso si wotsɔ asi tsoe o, ke esi wowɔ to Kristo me la boŋ.


Wodii le afi ma ŋkeke etɔ̃ hafi va ke ɖe eŋu le gbedoxɔ la me le sefialagãwo dome wònɔ biabia sesẽwo me dzrom kpli wo.


Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam la, Farisitɔwo kple sefialawo va teƒea va nɔ to ɖomii. Ame siawo tso du siwo katã le Galilea, Yudea kple Yerusalem la me. Aƒetɔ la ƒe dɔyɔŋusẽ va edzi be wòada gbe le wo ŋu.


Nikodemo gabia Yesu be, “Aleke esia ate ŋu ava emee?”


Ke Farisitɔ aɖe le wo dome si ŋkɔe nye Gamaliel, enye agbalẽfiala hã, eye amewo katã dea bubu eŋu. Etsi tsitre le takpekpea me gblɔ be woaɖe kpɔ apostoloawo vie.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite