Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 21:12 - Agbenya La

12 Yesu gblɔ na wo be, “Miva ɖu nu.” Ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu biae be, “Ame ka nènye” o. Wonya be Aƒetɔ lae.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Yesu gblɔ na wo bena: Miva ɖu nu. Ke nusrɔ̃lawo dometɔa ɖeke medo dzi biae bena: Ameka nènye mahã o, elabena wonyae xoxo bena, Aƒetɔ lae.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 21:12
9 Referans Kwoze  

Meɖee fia le dutoƒo o, ke boŋ eɖee fia mí apostoloawo siwo Mawu tia ɖi xoxo la, eye míeɖu nu, heno nu kplii le eƒe fɔfɔ tso ame kukuwo dome megbe.


Yesu nya be nusrɔ̃lawo di be yewoabia nya siwo yegblɔ la ƒe gɔmeɖeɖe, eya ta egblɔ na wo be, “Nya siwo megblɔ la ƒe gɔmeɖeɖe biam miele mia nɔewo, esi megblɔ be esusɔ vie miagakpɔm o kple esusɔ vie miagakpɔma?


Esi woɖu nua vɔ la, Yesu bia Simɔn Petro be, “Simɔn, Yohanes ƒe vi, èlɔ̃m wu ame siawoa?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, Aƒetɔ, ènya be melɔ̃ ye.” Yesu gblɔ nɛ be, “Ekema nyi nye alẽawo.”


Nusrɔ̃lawo mete ŋu se nya siawo gɔme o, gake ale si woawɔ abiae la hã zu dɔ; wonɔ vɔvɔ̃m.


Esi wògblɔ nya sia vɔ teti ko la, eƒe nusrɔ̃lawo va do, eye wòwɔ nuku na wo be Yesu nɔ dze ɖom kple nyɔnu aɖe, gake wo dometɔ aɖeke mebia be, “Nu ka dim nèle?” alo “Nu ka ta nèle dze ɖom kple nyɔnu la ɖo?” o.


Gake nusrɔ̃lawo mese nya si wògblɔ la gɔme o, elabena wotsyɔ̃ nu woƒe susuwo dzi, gawu la, wovɔ̃ be yewoabia egɔme ase.


Nyateƒe, biabia la lolo wu wo, ale womete ŋu ɖo eŋuti o. Esia megbe la, ame aɖeke medo dzi gabia nya aɖekee o.


Simɔn Petro ge ɖe ʋu la me, eye wòkpe ɖe wo ŋu wohe ɖɔ la va gota. Lã gãwo yɔ ɖɔ la fũu eye esi woxlẽ wo la, wonɔ alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃ (153) gake ɖɔ la mevuvu o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite