Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 20:12 - Agbenya La

12 kasia ekpɔ mawudɔla eve siwo nɔ awu ɣiwo me la le yɔdo la me wonɔ anyi ɖe teƒe si Yesu ƒe ŋutilã kukua nɔ; ɖeka nɔ tade, eye evelia nɔ afɔde.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 eye wòkpɔ mawudɔla eve le awu ɣi me le anyinɔƒe, ɖeka le tade, eye ɖeka le afɔde le afisi Yesu ƒe kuku la mlɔ.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 20:12
10 Referans Kwoze  

Ke hã la, ame ʋɛ aɖewo le asiwò le Sardis, ame siwo meƒo ɖi woƒe awuwo o. Woazɔ kplim, eye woanɔ awu ɣiwo me, elabena wodze nɛ.


Meɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, wòe nyae.” Eye wògblɔ nam be, “Woawoe nye ame siwo do go tso xaxa gã la me. Wonya woƒe awu ʋlayawo, eye wowɔ wo ɣie to Alẽvi la ƒe ʋu me.


Wogawu mo dzi ganɔ dziƒo kpɔm esi wònɔ bubum ɖe lilia me. Kasia ame eve aɖewo siwo le awu ɣiwo me la va tsi tsitre ɖe wo xa.


Le toa dzi la, Yesu ƒe dzedzeme trɔ enumake. Eƒe mo de asi keklẽ me abe ɣe ene, eye eƒe awu fu tititi abe kekeli ene.


“Esi menɔ ŋku lém ɖe eŋu la, “woɖo fiazikpuiwo woƒe nɔƒewo. Tete Blema Mawu va nɔ eƒe nɔƒe. Eƒe awu fu tititi abe sno ene eye eƒe taɖa fu abe ɖetifu ene. Eƒe fiazikpui nɔ bibim kple dzo.


Levitɔ siwo nye haƒolawo, Asaf, Heman, Yedutun kple wo viŋutsuwo kple woƒe ƒometɔwo nɔ vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe, wodo aklalawu eye wonɔ gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo ƒom. Nunɔla alafa ɖeka blaeve (120) kpe ɖe wo ŋu eye wonɔ kpẽwo kum.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite