Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 2:23 - Agbenya La

23 Dzesi siwo Yesu wɔ le Ŋutitotoŋkekea dzi le Yerusalem la na be ame geɖe xɔ eƒe ŋkɔ dzi se.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eye esi wòle Yerusalem le ŋutitotoŋkekenyuie la ɖuƒe la, ame geɖewo xɔ eƒe ŋkɔ dzi se, esi wokpɔ eƒe dzesi, siwo wòwɔ.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 2:23
18 Referans Kwoze  

Esiwo ge ɖe kpenyigba dzi lae nye ame siwo ne wose nya la la, woxɔnɛ kple dzidzɔ, gake metoa ke ɖe woƒe dziwo me be wòatsi o. Woxɔna sena ɣeyiɣi aɖe, ke le tetekpɔ ƒe ɣeyiɣiwo me la, wogbɔdzɔna.


Esi ameawo kpɔ nukunu gã si Yesu wɔ la, wodo ɣli gblɔ be, “Le nyateƒe me la, ame siae nye Nyagblɔɖila si míele mɔ kpɔm na le xexe sia me.”


Elabena le Kristo Yesu me la, aʋatsotso alo aʋamatsomatso mate ŋu awɔ naneke o. Ke nu si míehiã la koe nye xɔse si wɔa dɔ to lɔlɔ̃ me.


Ame geɖe siwo nɔ ameha la dome la xɔ edzi se. Wogblɔ be, “Ne Kristo la va la, ɖe wòawɔ nukunuwo wu esiwo ame sia wɔa?”


Eva Yesu gbɔ le zã me, eye wògblɔ nɛ be, Nufiala, menya be nufialae nènye tso Mawu gbɔ va. Elabena ame aɖeke mate ŋu awɔ dzesi wɔnuku siwo nèwɔna, ne Mawu meli kplii o.


Esi Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la gogo la, Yesu yi Yerusalem.


Esiae nye dzesi gbãtɔ si Yesu wɔ le Kana le Galilea hetsɔ ɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia, eye eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi se.


Esi wòyi Galilea la, Galileatɔwo xɔe nyuie, elabena wokpɔ nukunu siwo katã wòwɔ le Yerusalem, esi woyi ɖaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le afi ma.


“Nye la, ɖaseɖiɖi si kɔ wu Yohanes la le asinye. Elabena dɔ si Fofo la de asi nam be mawɔ, awu enu, eye mele wo wɔm la nye ɖaseɖiɖi be Fofo lae dɔm vavã.


Ameha gã aɖe nɔ eyome, elabena wokpɔ nukunu siwo wòwɔ heda gbe le dɔnɔwo ŋu.


Yudatɔ siwo va be yewoakpɔ Maria ɖa, eye wokpɔ nu si Yesu wɔ la xɔ edzi se.


Eƒe sedede nye esia be míaxɔ via Yesu Kristo ƒe ŋkɔ dzi ase, eye míalɔ̃ mía nɔewo abe ale si wòde se na mí ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite