Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 19:5 - Agbenya La

5 Wokplɔ Yesu do goe. Wodo awu dzĩ nɛ, tsɔ ŋukuku ɖɔ nɛ. Pilato gblɔ na wo be, “Miaƒe ame lae nye esi.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ale Yesu do go, ŋutsihe la le eta, eye awu dzi la hã le eŋu enye esi. Eye wògblɔ na wo bena: Mikpɔ amea ɖa!

Gade chapit la Kopi




Yohanes 19:5
8 Referans Kwoze  

Asrafowo wɔ ŋukuku ɖɔ nɛ. Wodo awu dzĩ nɛ,


Mina míakpɔ Yesu dzi, ame si nye míaƒe xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula, ame si le dzidzɔ si le ŋgɔ nɛ ta la, to atitsoga ƒe fu la me, eye mebui ŋukpee o. Ale wòyi ɖanɔ Mawu ƒe fiazikpui la ƒe nuɖusime.


Esi ŋu ke la, Yohanes kpɔ Yesu wògbɔna egbɔ, ale wòdo ɣli gblɔ be, “Mikpɔ ɖa! Mawu ƒe Alẽvi si le xexe sia me ƒe nu vɔ̃wo ɖem ɖa lae nye ekem!


Eya ta Aƒetɔ la ŋutɔ ana dzesi mi. Ɖetugbi si menya ŋutsu kpɔ o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, ana ŋkɔe be Imanuel.


Ke azɔ la, ale Yehowa, ame si wɔ wò, O! Yakob, eye wòme wò, O! Israel, la gblɔe nye esi, “Mègavɔ̃ o, elabena meɖe wò. Metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò be tɔnye nènye.


Wò ame si tsɔ du nyui vɛ na Zion, lia to kɔkɔ aɖe. Wò ame si tsɔ du nyui vɛ na Yerusalem, kɔ wò gbe dzi nàdo ɣli, kɔ gbe dzi, mègavɔ̃ o; gblɔ na Yuda ƒe duwo be, “Miaƒe Mawue nye esi!”


“Mi ame siwo katã to afi ma yi, ɖe mewɔ naneke na mi oa? Mitsa ŋku miakpɔe ɖa! Ɖe fukpekpe aɖe le abe esi wohe va dzinye, esi Yehowa he va dzinye le eƒe dziku helĩhelĩ ƒe ŋkekewo me la enea?


eye wotsɔ ŋu didi aɖewo wɔ fiakuku heɖɔ nɛ, eye wotsɔ fiatikplɔ hã de eƒe nuɖusime me. Wodzea klo ɖe eŋkume fewuɖutɔe, eye wogblɔna be, “Míedo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe fia.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite