Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 18:12 - Agbenya La

12 Ale Yudatɔwo ƒe kpovitɔwo kple asrafowo kpakple asrafomegãwo lé Yesu, eye woblae.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Azɔ asrafoha kple aʋafia gã la kple Yudatɔwo ƒe dɔlawo lé Yesu, eye wobiae,

Gade chapit la Kopi




Yohanes 18:12
17 Referans Kwoze  

Ale Yuda va abɔ la me, eye wònɔ ŋgɔ na nunɔlagãwo, Farisitɔwo, asrafowo kple kpovitɔwo. Ale wodze mɔ kple akakatiwo kple akaɖiwo kple aʋawɔnuwo va do ɖe abɔ la me afi si Yesu le.


Ameha la kplɔ Yesu yi ɖe nunɔlagã Kayafa ƒe aƒe me, afi si agbalẽfialawo kple dumegãwo katã va ƒo ƒu ɖo la.


Esi wova ɖo gaxɔa ƒe mɔnu la, Paulo gblɔ na asrafoawo ƒe amegã le Helagbe me be, “Amegã, magblɔ nya aɖe na wò.” Ewɔ nuku na asrafoa ŋutɔ be Paulo gblɔ Helagbe, ale wòbiae be, “Ɖe nèse Helagbea?


Esi wobe yewoawui ko la, ame aɖe yi ɖagblɔ na Romasrafowo ƒe amegã be ʋunyaʋunya gã aɖe le edzi yim le Yerusalem dua me.


Ale wolée, eye wokplɔe yi nunɔlagã ƒe aƒe me, eye Petro nɔ eyome ʋĩi gbɔna.


Esi ŋu ke ŋdi kanya la, nunɔlagãwo, dumegãwo, agbalẽfialawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo kpe ta be yewoade ŋugble le nu si yewoawɔ la ŋu. Woɖoe be yewoabla Yesu, aɖoe ɖe Pilato, ame si nye Romatɔwo ƒe mɔmefia, si nɔ Yudea dzi ɖum le ɣe ma ɣi me la gbɔ.


Wokplɔ Yesu yi nunɔlagã ƒe aƒe me, afi si nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo kple agbalẽfialawo va ɖi anyi ɖo le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me.


Emegbe la, wode gae, eye wokplɔe yi na Pilato, Romatɔwo ƒe mɔmefia.


Ale Filistitɔwo lée, wogbã eƒe ŋkuwo, kplɔe yi Gaza, de gae kple akɔblikɔsɔkɔsɔ eye wona wòtua bli abe gaxɔmenɔla ene.


Esi woɖo teƒe si Mawu fia Abraham be wòayi la, Abraham ɖi vɔsamlekpui, eye wòɖo nakeawo ɖe edzi nyuie. Ebla Isak, eye wòkɔe mlɔ nakeawo dzi.


Hoowɔwɔ la va de dzi blibo, eye asrafoawo ƒe amegã vɔ̃ be woava vuvu Paulo. Mlɔeba la, eɖe gbe na eƒe asrafowo be woakplɔ Paulo adzoe sesẽtɔe le wo gbɔ, ale wokplɔe gayi ɖe gaxɔa mee le asrafowo ƒe nɔƒe.


Yehowae nye Mawu, eye wòna eƒe kekeli klẽ ɖe mía dzi. Mitsɔ miaƒe atilɔwo ɖe asi ne miage ɖe ŋkekenyuiɖulawo ƒe hame ayi ɖe keke vɔsamlekpui la ƒe dzowo gbɔ.


eye wòlé wo ame eveawo de gaxɔ si me Yosef nɔ le Potifar, ame si nye fiaŋumewo ƒe amegã la ƒe mɔ me.


Gbã la, asrafoawo kplɔe yi ɖe afi si aʋawɔnuwo nɔna la, eye asrafoha la katã va ƒo xlãe.


Ŋutsu aɖe nɔ Kaesarea si ŋkɔe nye Kornelio. Enye aʋafia le asrafoha si woyɔna be Italia Hatsotso la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite