Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 16:8 - Agbenya La

8 “Ne eva la, ana xexea me nadze si eƒe nu vɔ̃ ku ɖe dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye ne eyama va la, aƒoe ɖe xexeame nu le nuvɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye kpakple ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti:

Gade chapit la Kopi




Yohanes 16:8
10 Referans Kwoze  

ne wòadrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame, ne wòabu fɔ mawumavɔ̃lawo ɖe nu vɔ̃ɖi siwo katã wowɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi hekpe ɖe nya vlo siwo katã nu vɔ̃ wɔla siawo gblɔ ɖe eya amea ŋuti la ta.”


Esi wose nya siawo la, ewɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe be wo dometɔ aɖewo bia Petro kple apostolo bubuawo be, “Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala?”


“Makɔ amenuveve kple gbedodoɖa ƒe gbɔgbɔ ɖe David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo dzi. Woakpɔ nye, ame si wotɔ nui la dzi, woafa nɛ abe ale si wofana na vi ɖeka hɔ̃ɔ si ku la ene, eye woafa nɛ vevie abe ŋgɔgbevi si ku la ene.


Ke ne mi katã miegblɔ nya ɖi, eye miegblɔ Mawu ƒe nya la, togbɔ be xɔsetɔwoe miegblɔa nya siawo na hã la, ame aɖe si mekpɔ ɖeɖe o alo kristotɔ yeye aɖe si va, eye mese nu siawo gɔme o la, nyagbɔgblɔ siawo katã ana wòadze sii be nu vɔ̃ wɔla yenye. Ekema nya sia nya si wòase la awɔ dɔ ɖe eƒe dzitsinya dzi.


Esi wose nya sia la, wode asi dzodzo me ɖekaɖeka, tso tsitsitɔ dzi va se ɖe esime wo katã wodzo negbe Yesu kple nyɔnu la koe susɔ.


Mia dometɔ kae ate ŋu atɔ asi nu vɔ̃ si mewɔ la dzi? Ne mele nyateƒea gblɔm la, nu ka ta miexɔa dzinye sena o ɖo?


Gake nyateƒe gblɔm mele na mi be enyo be madzo le mia gbɔ. Ne nyemedzo o la, Nyaxɔɖeakɔla la mava mia gbɔ o; gake ne medzo la, maɖoe ɖe mi.


elabena le nu vɔ̃ ŋuti la, amewo mexɔ dzinye se o.


“Ke ne nunɔla la kpɔ be kpodɔ la xɔ ŋuti katã na amea, tso eƒe tame yi eƒe afɔ gbɔ,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite