Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 16:5 - Agbenya La

5 “Azɔ medzo yina ame si dɔm la gbɔ, gake mia dometɔ aɖeke mebia be, ‘Afi ka nèyina?’ o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye azɔ la meyina amesi dom ɖa la gbɔ, eye mia dometɔa ɖeke mebiam bena: Afika neyina o.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 16:5
15 Referans Kwoze  

Simɔn Petro biae be, “Aƒetɔ, afi ka nèyina?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Afi si meyina fifia la, miate ŋu akplɔm ɖo ayi o, ke emegbe la, miava.”


Yesu gblɔ be, “Ɣeyiɣi kpui aɖe ko maganɔ mia gbɔ hafi matrɔ ayi ame si dɔm la gbɔ.


Fofo la gbɔe metso va xexea me, eye megatrɔ yina ɖe Fofo la gbɔ.”


Meɖe wò Ŋutikɔkɔe fia le anyigba dzi to dɔ siwo nède asi nam la nuwuwu me.


Le dzɔdzɔenyenye ŋuti la, meyina Fofo la gbɔ, eye miagakpɔm o,


Mina míakpɔ Yesu dzi, ame si nye míaƒe xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula, ame si le dzidzɔ si le ŋgɔ nɛ ta la, to atitsoga ƒe fu la me, eye mebui ŋukpee o. Ale wòyi ɖanɔ Mawu ƒe fiazikpui la ƒe nuɖusime.


Vi la klẽna kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe. Enye ame si ɖe Mawu ƒe nɔnɔme tututu fia, eye wòna agbe nuwo katã to eƒe ŋusẽnya la me. Esi wòklɔ nu vɔ̃wo ɖa vɔ la, enɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo.


Yesu nya be Fofo la tsɔ ŋusẽwo katã na ye. Enya hã be Mawu gbɔe yetso va, eye yeagatrɔ ayi Mawu gbɔ.


Yesu gagblɔ be, “Esusɔ vie miagakpɔm o, eye esusɔ vie miagakpɔm.”


“Miese megblɔ be, ‘Madzo eye magatrɔ agbɔ va mia gbɔ.’ Ne mielɔ̃m la, dzi adzɔ mi be mele dzodzom yina ɖe Fofo la gbɔ, elabena Fofo la lolo wum.


Ekema miekpɔ Amegbetɔ Vi la wòyina ɖe dziƒo, afi si wòtso va ɖe!


“Ke azɔ la, megbɔna gbɔwò, gake mele nya siawo gblɔm esi megale xexea me, be nye dzidzɔ blibo la katã nanɔ wo me.


Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo bia wo nɔewo be, “Nu ka tututu gblɔm wòle be, ‘Esusɔ vie miagakpɔm o eye esusɔ vie miagakpɔm.’ Egagblɔ hã be, ‘Meyina Fofo la gbɔ.’


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite