Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 16:21 - Agbenya La

21 Ne nyɔnu le ku lém la, esea veve, gake ne edzi vi ko la, eŋlɔa vevesese la be, elabena ekpɔa dzidzɔ be yedzi vi ɖe xexea me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Nyɔnu la, ne fu le eɖum la, exaa nu, elabena eƒe gaƒoƒo la ɖo; ke ne edzi vi la vo la, emegaɖoa ŋku eƒe nuxaxa dzi o, le dzidzɔ ta bena, yedzi ame ɖe xexeame.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 16:21
18 Referans Kwoze  

Ame si na konɔ nɔa eƒe aƒe me, hekpɔa dzidzɔ abe viwo dada ene. Mikafu Yehowa.


Vevesese kple nuxaxa alé wo, eye woaŋe abe nyɔnu si le ku lém la ene. Woƒe mo anɔ vevem hẽe, eye woafɔ ŋku ɖe wo nɔewo dzi gaa.


Esime amewo le gbɔgblɔm be, “Ŋutifafa kple dedinɔnɔ” li la, gbegblẽ ava ƒo ɖe wo dzi kpoyi abe ale si fu ɖua funɔe, eye mate ŋu asi le enu o ene.


O Zion nyɔnuvi, ƒo dablibɛ, nàlé ku abe nyɔnu si le vi dzim la ene, elabena tso azɔ dzi yina la, àdzo le du sia me aɖanɔ gbegbe, woakplɔ wò ayi ɖe aboyo me le Babilonianyigba dzi, gake le afi sia la, maɖe wò. Le afi ma la, Yehowa aɖe wò tso futɔwo ƒe asi me.


Elabena woŋlɔ ɖi bena, “Dzi nedzɔ wò, O konɔ, wò nyɔnu si medzi vi kpɔ o; do ɣli sesĩe nàtso aseye, wò ame si melé ku kpɔ o; viwo le nyɔnu si tsi akogo la si wu nyɔnu si si srɔ̃ le la gɔ̃ hã.”


Mawu gblɔ na nyɔnu la be, “Àdzi vi le fukpekpe kple vevesese geɖe me, gake srɔ̃wò ƒe nu aganyo ŋuwò kokoko, eye srɔ̃wò anye aƒetɔ na wò.”


Eya ta vevesese na nye ameti blibo la meʋuʋu. Vevesese ƒo ɖem abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene. Nu siwo mese la na memu sɔgɔsɔgɔ, eye dzidzi ƒom le nu siwo mekpɔ la ta.


“Edzi vi hafi lé ku. Edzi ŋutsuvi hafi fu ɖui.


Azɔ nu ka ta nèle avi fam eye ɖe fia aɖeke mele asiwò oa? Afi ka wò fia si wòle be wòakplɔ wò la to? Ɖe wò aɖaŋuɖolawo ku hafi nèle ŋeŋem abe nyɔnu si le ku lém la enea?


Le nyateƒe me la, àŋlɔ wò hiãkame be eye àɖo ŋku edzi ko abe tsi sisi si nu va yi la ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite