Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 15:6 - Agbenya La

6 Ame si aɖe ɖe aga tso gbɔnye la, woatsɔe aƒu gbe abe alɔdze matseku ene, eye woatɔ dzoe.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ne amea ɖe menɔ menye o la, woatsɔe aƒu gbe abe weinti ƒe alo ene, eye woaƒu, eye woaƒo wo nu ƒu, eye woatɔ dzo wo, eye woafia.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 15:6
20 Referans Kwoze  

Ati sia ati si metsea ku nyui o la, wolãnɛ dea dzo me,


Elãa alɔdze siwo le ŋunye eye wometsea ku o la ɖa, ke esiwo tsea ku la, eɖea wo ŋu be woagatse ku geɖe fũu wu.


Madɔ nye dɔlawo ɖa, eye woaƒo ame vɔ̃ɖiwo kple nuɖianuwo katã nu ƒu, aɖe wo ɖa le mawufiaɖuƒe la me;


Le gaƒoƒo sia me ŋutɔ gɔ̃ hã la, woɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe fia atiwo ƒe kewo dzi: ati sia ati si metse ku nyui o la, woalãe aƒu anyi, eye woatsɔe ade dzo me.


Nenye be wosi le gbegblẽ si le xexea me nu, to sidzedze míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela Yesu Kristo me, evɔ wogbugbɔ gabla wo ɖe nu mawo ke me, heɖu wo dzi la, woƒe nuwuwu avɔ̃ɖi wu ale si wònɔ le gɔmedzedzea me.


ke nu si ko míanɔ mɔ kpɔm na le ŋɔdzi gã aɖe me lae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzo bibi si ava fia Mawu ƒe futɔwo.


Ne womekpɔ ame aɖe ƒe ŋkɔ le agbegbalẽ la me o la, wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzota la me.


Wodo go dzo le mía dome, gake le nyateƒe me la, womenɔ mía dome le woƒe dziwo me o. Nenye mía dometɔ aɖewoe wonye vavã la, anye ne wotsi anyi, eye womedzo le mía gbɔ o. Woƒe dzodzo fia kɔtɛe be wo dometɔ aɖeke menɔ mía dzi o.


“Gblɔ na wo be, Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ɖe wòava eme nenema? Ɖe womahoe, eye woagbe eƒe kutsetsewo, ale be wòaku oa? Eƒe alɔ yeyewo katã aku. Menye abɔ sesẽ aɖe alo ame geɖewoe ahoe kple ke o.


Ke wo ya la, wokɔ wò ƒu gbe ɖe wò yɔdo me abe atilɔ si gbɔ wogbe nu le la ene. Wolɔ ame siwo wowu kple ame siwo tsi yi nu la li kɔe ɖe dziwò, ame siwo woɖi ɖe agakpetowo ƒe gogloƒe ke, eye wole abe ŋutilã kuku siwo wofanya kple afɔ la ene.


ke si wò nuɖusi do, viŋutsu si wò ŋutɔ nèhe wòtsi.


Masi le viviti la nu o, dzo ƒe aɖe ana eƒe alɔwo nayrɔ eye Mawu ƒe numegbɔgbɔ akplɔe adzoe.


Ale Yuda tsɔ ga la ƒu gbe ɖe anyigba le gbedoxɔ la me, eye wòyi ɖade ka ve na eɖokui.


Du si woglã la zu aƒedo, amenɔƒe si amewo megale o. Wogblẽe ɖi wòzu gbegbe, afi si nyiviwo ɖua gbe le; afi mae wotsyɔa akɔ ɖo, eye woɖua wainti ƒe alɔwo


gake vɔvɔ̃nɔtɔwo, dzimaxɔsetɔwo, ame vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dolawo, ahasiwɔlawo, akunyawɔlawo, trɔ̃subɔlawo kple alakpatɔwo katã la, woƒe nɔƒe anye aŋɔdzota si le bibim ŋɔdzitɔe la me. Esiae nye ku evelia.”


Ame si di be yeafɔ ŋuti la tsɔa nu lénɛ, ƒoa ƒui, tɔa dzoe le afi si wòƒo ƒui ɖo.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite