Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 13:4 - Agbenya La

4 Le esia ta Yesu tsi tsitre le fiẽnuɖukplɔ̃ la ŋu, eye wòɖe eƒe awu da ɖi hetsɔ tsiletsɛ sa ɖe ali.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 etsi tre le nua ɖuƒe, eye wòɖe eƒe awu da ɖi, eye wòtsɔ tsiletse sa ɖe ali.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 13:4
9 Referans Kwoze  

Miawo ŋutɔ mienya Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve be kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva de ahe ɖo be miawo la, miato eƒe ahedada la me azu kesinɔtɔwo.


Le xexea me la, aƒetɔ nɔa kplɔ̃ ŋu, eye eƒe subɔviwo va subɔnɛ. Gake esia mele mia dome le afii o! Elabena nyee nye miaƒe subɔvi.


Dɔla siawo akpɔ dzidzɔ ŋutɔ, ne woƒe aƒetɔ gbɔ, eye wòkpɔ be wole ŋudzɔ; vavã mele egblɔm na mi be dɔla siawo anɔ kplɔ̃ ŋu, eye eya ŋutɔ ado subɔvi ƒe awu aɖo kplɔ̃ ɖe woƒe akɔme be woaɖu nu.


“Mia dometɔ ka ƒe dɔla anɔ agble ŋlɔm alo le alẽ kplɔm, eye wòtrɔ tso agble va aƒe me, eye wòagblɔ na dɔla be, ‘Va nɔ anyi, eye nàɖu nu’?


Ke Yuda fia, Yehosafat biae be, “Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖeke mele mía dome oa? Ne eli la, ekema míate ŋu ana wòagblɔ nu si míawɔ la na mí.” Israel fiaŋumewo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Elisa, Safat ƒe viŋutsu le afi sia, Eliya ƒe kpeɖeŋutɔe wònye!”


Ke magblɔ nɛ boŋ be, ‘Wɔ nye fiẽnuɖuɖu, dzra ɖokuiwò ɖo, eye nàva subɔm le nye kplɔ̃ ŋuti maɖu nu, eye mano nu, le esia megbe wò hã nàɖu nu ano nu oa’?


Esi wòklɔ nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo vɔ la, etsɔ eƒe awu do, nɔ anyi eye wòbia wo be, “Miese nu si mewɔ na mi la gɔmea?


Esiae nye gbedeasi si miese tso gɔmedzedzea, be ele be míalɔ̃ mía nɔewo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite