Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 13:3 - Agbenya La

3 Yesu nya be Fofo la tsɔ ŋusẽwo katã na ye. Enya hã be Mawu gbɔe yetso va, eye yeagatrɔ ayi Mawu gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 esi Yesu nya bena, Fofoa tsɔ nuwo katã de esi me, eye bena Mawu gbɔ wòtso va, eye wogale Mawu gbɔ yi ge la,

Gade chapit la Kopi




Yohanes 13:3
22 Referans Kwoze  

Fofo la lɔ̃a Via sia ale gbegbe be etsɔ nu sia nu de asi nɛ.


Egblɔ yi edzi be, “Fofonye tsɔ nu siwo katã nye nyateƒe la de asi nam. Fofo la koe nya ame si ƒomevi Vi la nye, eye Vi la kple ame siwo Vi la ɖee fia la koe nya Fofo la.”


Ke le ŋkeke mamlɛtɔ siawo me la, eƒo nu na mí to Via si wòtia be wòanye nuwo katã ƒe domenyila la dzi, ame si dzi hã wòto wɔ xexea me.


Elabena èna ŋusẽe ɖe amegbetɔwo katã dzi le xexea me, be wòana agbe mavɔ ame sia ame si nètsɔ nɛ la.


Yesu gblɔ na wo be, “Ɖe Mawu nye mia Fofo la, anye ne mialɔ̃m, elabena Mawu gbɔe metso va afi sia. Nyemeva le ɖokuinye si o, ke boŋ Mawue dɔm.


Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Wotsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba la katã de asi nam,


elabena Fofo la tsɔ dziɖuɖu kple ŋusẽkpɔkpɔ ɖe nu sia nu dzi na Kristo, ke Kristo meɖu Fofo la ŋutɔ, ame si tsɔ ŋusẽ sia nɛ be wòaɖu dzi la ya dzi o.


“Eya ta mina ne Israel blibo la katã nanyae nyuie be Mawu wɔ Yesu sia, ame si miawo mieklã ɖe ati ŋu la, Aƒetɔ la kple Kristo la siaa.”


Azɔ esusɔ ŋkeke ɖeka ko ne Ŋutitotoŋkekenyui la naɖo, eye Yesu nya be ɣeyiɣi la de be yeadzo le xexea me, atrɔ ayi Fofo la gbɔ. Elɔ̃ etɔ siwo le xexea me ŋutɔ, eye wògaɖe eƒe lɔlɔ̃ fia wo.


Yesu gblɔ be, “Ɣeyiɣi kpui aɖe ko maganɔ mia gbɔ hafi matrɔ ayi ame si dɔm la gbɔ.


gake nye la menyae, elabena nye kplie li hafi wòdɔm.”


Elabena Amegbetɔ Vi la koe tso dziƒo va anyigba dzi, eye wòagatrɔ ayi dziƒo.


Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, ame si nye Via ɖeka hɔ̃ɔ la, ame si nɔ anyi ɖe Fofo la ƒe axadzi la, eyae ɖee fia mí.


Fofonye tsɔ nuwo katã de asi nam, eye ame aɖeke menya Vi la o, negbe Fofo la ko, eye ame aɖeke hã menya Fofo la o, negbe Vi la kple ame siwo wòlɔ̃ ɖe eɖokui fia la ko.”


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne meɖi ɖase le ɖokuinye ŋu hã la, nye ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe, elabena menya afi si metso kple afi si meyina. Gake miawo la, mienya afi si metso alo afi si meyina o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite