Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 13:23 - Agbenya La

23 Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, esi Yesu lɔ̃na vevie la, nɔ anyi ziɔ ɖe Yesu ŋu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eye nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, si Yesu lɔ̃na la, via ɖe ekɔme.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 13:23
15 Referans Kwoze  

Esi Yesu kpɔ dadaa wònɔ tsitre ɖe eƒe nusrɔ̃la si wòlɔ̃na vevie xa la, egblɔ nɛ be, “Nyɔnu, kpɔ ɖa, viwòe nye esi.”


Esi Petro trɔ la, ekpɔ nusrɔ̃la si Yesu lɔ̃na la wòkplɔ wo ɖo. (Nusrɔ̃la siae ziɔ ɖe Yesu ŋu le nuɖuƒe la hebiae be, “Aƒetɔ, mía dometɔ kae ade wò asi?”)


Ale nusrɔ̃la si Yesu lɔ̃na vevie la gblɔ na Simɔn Petro be, “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ lae!” Esi Petro se nya sia teti ko la, etsɔ eƒe awu do kaba (elabena eɖee), eye wòti kpo dze tɔ la me.


Eƒu du yi Simɔn Petro kple nusrɔ̃la ma si Yesu lɔ̃ vevie la gbɔ, eye wògblɔ na wo be, “Wova ɖe Aƒetɔ la ƒe kukua le yɔdo la me, eye míenya afi si wokɔe yi ɖada ɖo o!”


Esia ta Yudatɔwo gblɔ na wo nɔewo be, “Mikpɔ ale si gbegbe wòlɔ̃e ɖa?”


Yesu lɔ̃ Marta kple nɔvia nyɔnu Maria kpakple Lazaro,


Eya ta nɔvinyɔnu siawo dɔ ame ɖo ɖe Yesu gblɔ be, “Aƒetɔ, ame si nèlɔ̃ vevie la le dɔ lém.”


ke alẽvi ɖeka pɛ koe nɔ ame dahe la ya si eye eya kple viawo kpɔa dzidzɔ le alẽvi la ŋu ŋutɔ. Ame dahe la nana alẽvi la ɖua nu le eya ŋutɔ ƒe agba me eye wònoa nu le eƒe kplu nu. Elénɛ ɖe abɔ abe via nyɔnuvie wònye ene.


Nusrɔ̃la siae ɖi ɖase tso nu siawo ŋuti. Ekpɔ nu siawo katã teƒe tsitotsito, eye wòŋlɔ wo da ɖi. Eye mí katã míenya be eƒe ɖaseɖiɖi nye nyateƒe.


Nusrɔ̃la la gaziɔ ɖe Yesu ŋu, eye wòbiae be, “Aƒetɔ, ame kae?”


Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, ame si nye Via ɖeka hɔ̃ɔ la, ame si nɔ anyi ɖe Fofo la ƒe axadzi la, eyae ɖee fia mí.


“Mlɔeba la, Lazaro nubiala la va ku, eye mawudɔlawo va kɔe yi Abraham gbɔ afi si ame dzɔdzɔewo nɔna. Kesinɔtɔ la hã ku mlɔeba, eye woɖii.


Simɔn Petro wɔ dzesi nɛ gblɔ nɛ be, “Bia mía dometɔ si ŋuti wòle nu ƒom tsoe lae.”


Azaria, Natan ƒe vi nye dukɔ la ƒe dɔnunɔlawo ƒe tatɔ; Zabud, Natan ƒe vi nye nunɔla na Fia la ŋutɔ eye wòganye Fia la xɔlɔ̃ tɔxɛ;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite