Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 13:19 - Agbenya La

19 “Mele egblɔm na mi hafi wòava eme. Mele nya siawo katã gblɔm na mi be ne wova eme la, miaxɔ dzinye ase.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Tso esia dzi la mele egblɔm na mi, hafi wòava ve me bena, ne eva ve me la, ne miaxɔe ase bena nyee.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 13:19
15 Referans Kwoze  

Megblɔ nya siawo na mi hafi woava dzɔ, ale be ne wova dzɔ la, ne miaxɔ wo dzi ase.


Yehowa be, “Miawoe nye nye ɖasefowo kple nye dɔla si metia be mianya, eye miaxɔ dzinye ase, ase egɔme be nyee. Mawu aɖeke medo ŋgɔ nam o, eye ɖeke hã mado ŋgɔ nam o.


Le nyateƒe me la, ɖe mele nya siawo gblɔm na mi be ne ɣeyiɣi la ɖo la, miaɖo ŋku edzi be mena mienya do ŋgɔ. Nyemegblɔ nya siawo na mi do ŋgɔ o, elabena menɔ mia gbɔ.


eya ta megblɔ nu siawo na mi gbe aɖe gbe ʋĩi va yi. Hafi woava adzɔ la, meɖe gbeƒã na mi be miagagblɔ be, ‘Nye legbawoe wɔ wo. Nye aklamakpakpɛwo kple akɔblimawue ɖo wo da ɖi,’ o.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be meli hafi wodzi Abraham.”


Kpɔ ɖa, megblɔe na mi do ŋgɔ lo!


“Wòe nye ame si gbɔna loo, alo ɖe míakpɔ mɔ na ame bubu aɖea?”


“Kpɔ ɖa, madɔ nye dɔla ɖo ɖa be wòata mɔ le ŋgɔnye eye Aƒetɔ si miele mɔ kpɔm na la ado ɖe eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi. Dɔla si ŋugbe wodo le nubabla la me, si dim miele la ava.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


(Yohanes ɖi ɖase tso eŋuti gblɔ be, “Ame siae nye ame si ŋu menɔ nu ƒom le, esi megblɔ be, ‘Ame aɖe si li xoxoxo hafi meva dzɔ la gbɔna, ame sia de ŋgɔ wum sãa.’ ”)


Nu siawo anye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ na mi be miaɖi ɖase le ŋunye na wo.


Nya kae le etsɔ si na mí ne mianya be mawuwoe mienye. Wɔ nane, eɖanye nyui alo vɔ̃, ale be míaƒe mo nawɔ yaa, eye vɔvɔ̃ naɖo mí.


Yesu gblɔ nɛ be, “Nyee.”


Ale Yesu gagblɔ na wo be, “Ne miekɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzi la, ekema mianya be, nyee nye ame si megblɔ be menye la, eye nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o, ke boŋ nya siwo Fofo la fiam be magblɔ la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite