Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 13:11 - Agbenya La

11 Yesu gblɔ nya sia elabena enya ame si gbɔna ede ge asi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Elabena enya amesi le eyome mɔ fia ge; eyaŋuti wògblɔ bena: Menye mi katã ŋutie ɖi o.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 13:11
9 Referans Kwoze  

Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Eyae nye ame si matsɔ abolo kakɛ sia asisi detsi atsɔ ana.” Tete wòtsɔ abolo kakɛ la sisi detsi hetsɔe na Simɔn ƒe vi, Yuda Iskariɔt.


Esi Yesu gblɔ nya sia vɔ la, eʋuʋu le eɖokui me, eye wògblɔ be, “Le nyateƒe me la, mia dometɔ ɖeka adem asi.”


“Ele eme be menye mi katãe mele nya sia gblɔm na o, elabena menya ame siwo metia la. Mawunya gblɔ be, ‘Ame si le nu ɖum kplim lae adem asi.’


Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ fiẽnuɖuƒe. Do ŋgɔ la, Abosam dee ta me na Yuda Iskariɔt, Simɔn ƒe vi la be wòaɖade Yesu asi.


Mehiã be ame aɖeke naɖi ɖase nɛ tso amegbetɔ ŋu o, elabena eya ŋutɔ nya nu si le ame me.


Esi menɔ wo gbɔ la, mekpɔ wo ta, eye mena be wole dedie to ŋkɔ si nènam la me. Wo dometɔ aɖeke mebu o, negbe wo dometɔ si woɖo be woatsrɔ̃ la ko, be ŋɔŋlɔ la nava eme.


Yesu nya nu siwo katã le dzɔdzɔ ge ɖe dzi la. Eyi wo gbɔ, eye wòbia wo be, “Ame ka dim miele?”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite