Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 12:13 - Agbenya La

13 Ale woŋe deʋayawo ɖe asi yina be yewoakpee, eye wonɔ ɣli dom nɔ aseye tsom be, “Hosana!” “Yayratɔe nye ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me!” “Yayratɔe nye Israel ƒe fia la!”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 wotsɔ deʋayawo, eye wodo go yi ekpe ge, eye wodo ɣli bena: Wosana! Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ ƒe ŋkɔa me, amesi nye Israel ƒe fia la.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 12:13
19 Referans Kwoze  

eye wodzi Mose, Mawu ƒe dɔla ƒe ha kple Alẽvi la ƒe ha be, “Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, Wò nuwɔnawo lolo, eye wowɔ nuku. Wò dukɔwo ƒe fia, wò mɔwo le dzɔdzɔe, eye wonye nyateƒe.


Le esia megbe la, mekpɔ ameha gã aɖe si womate ŋu axlẽ o la le nye ŋkume. Wotso dukɔ sia dukɔ, to sia to, ƒome ɖe sia ɖe kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me. Wole tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ le Alẽvi la ŋkume. Wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi.


Nataniel gblɔ be, “Nufiala, wòe nye Mawu ƒe Vi la vavã. Wòe nye Israel ƒe fia la!”


Ke mele egblɔm na mi be, miegale kpɔ nye ge o va se ɖe esime miagblɔ be, ‘Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.’ ”


Emegbe la, woatrɔ adi Yehowa, woƒe Mawu la, eye woayi woƒe Fia gbɔ. Woatsɔ dzodzo nyanyanya ava Yehowa kple eƒe dɔmenyonyo gbɔ le ŋkeke mamlɛawo me.


Gake wodo ɣli sesĩe be, “Mikplɔe dzoe! Mikplɔe dzoe! Miklãe ɖe ati ŋuti!” Pilato bia wo be, “Maklã miaƒe fia la ɖe ati ŋua?” Nunɔlagãwo ɖo eŋu nɛ be, “Fia aɖeke mele mía si o, negbe Kaisaro ko.”


Yehowa ɖe wò tohehewo ɖa, eye wòna wò futɔwo gbugbɔɖemegbe. Yehowa, Israel ƒe fia la li kpli wò, eya ta vɔ̃wɔame aɖeke mado ŋɔdzi na wò o.


Woŋlɔ ŋkɔ sia ɖe eƒe awu ʋlaya kple eƒe ata ŋu be, Fiawo ƒe Fia kple Aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ.


“Ale Yehowa, Israel ƒe Fia kple Ɖela, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: Nyee nye gbãtɔ kple mlɔetɔ. Mawu bubu aɖeke mekpe ɖe ŋunye o.


Le ŋkeke gbãtɔ dzi la, mitsɔ kutsetseti ƒe alɔ siwo dzi kutsetsewo le kple deʋaya kple atilɔ siwo do abe amiti siwo le tɔʋuwo to ene; mitsɔ wo tu agbadɔwo. Mitso aseye le Yehowa miaƒe Mawu ŋkume ŋkeke adre sɔŋ.


“Mègavɔ̃ o, Zion nyɔnuvi. Kpɔ ɖa, wò fia do tedzivi gbɔna!”


“Èɖe ame bubuwo, gake màte ŋu aɖe ɖokuiwò o! Ke wò boŋue nye Israel ƒe fia la? Nenye wòe la, ɖi le atitsoga la ŋuti, ekema míaxɔ dziwò ase.


Yesu kpɔ tedzivi aɖe, eye wònɔ anyi ɖe edzi abe ale si woŋlɔe ɖi ene be,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite