Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 11:8 - Agbenya La

8 Nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be, “Nufiala, nyitsɔ laa ko Yudatɔwo di be yewoaƒu kpe wò le Yudea, nu ka ta nèdi be yeagayi afi ma ɖo?”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Nusiawo gblɔ ne bena: Rabi, nyitsɔ laa Yudatɔwo ɖi be, yewoaƒu kpe wò, eye nègale afima yi gea?

Gade chapit la Kopi




Yohanes 11:8
11 Referans Kwoze  

Yudatɔwo gafɔ kpewo be yewoaƒui,


Esi wògblɔ nya sia la, Yudatɔwo fɔ kpe be yewoaƒui, gake Yesu ɣla eɖokui, eye wòdo go le gbedoxɔ la me.


Ameawo gadi be yewoalée, gake edo go dzo le wo gbɔ.


Ke viɖe aɖeke mele nye agbe ŋu o, negbe ɖeko mewɔ eŋuti dɔ tsɔ wɔ dɔ si Aƒetɔ Yesu de asi nam la. Dɔ lae nye be magblɔ nyanyui la na amewo le Mawu ƒe amenuveve gã ŋuti.


Ne wole ablɔ dzi yina, eye amewo le ŋkɔ dam ɖe wo dzi be, ‘Nufiala’ kple ‘Aƒetɔ’ la, evivia wo nu ŋutɔ.


“Migana woayɔ mi be ‘Rabi’ o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe Nufiala, eye mi katã la nɔviwo mienye.


Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖe kuku nɛ bena, “Nufiala, va ɖu nu.”


eya ta Yudatɔ geɖewo va kua teƒe be yewoado baba na Marta kple Maria siwo nye ameyinugbe la nɔviwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite