Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 11:42 - Agbenya La

42 Èɖoa tom ɣe sia ɣi, gake mele esia gblɔm le ame siwo katã le afi sia ta, ne woaxɔe ase be wòe dɔm.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

42 Nye la menyae bena, edoa tom ɖaasi; ke le ameha, si le tsitre ƒo xlãm la ta, megblɔe ɖo, bena woaxɔ ase bena, wòedɔm ɖa.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 11:42
27 Referans Kwoze  

Mawu meɖo Via ɖa be wòava drɔ̃ ʋɔnu xexea me o, ke boŋ be wòaɖe xexea me to edzi.


be wo katã woanɔ ɖeka abe ale si wò, Fofo la, nèle menye, eye nye hã mele mewò ene. Na woawo hã nanɔ mía me, be xexea me naxɔe ase be wòe dɔm.


Míekpɔe, eye míeɖi ɖase be Fofo la ɖo Via ɖa be wòanye xexea me ƒe Ɖela.


Eya ta ŋusẽ le esi be wòaɖe ame siwo va Mawu gbɔ to eya amea dzi la blibo, elabena ele agbe tegbee le nya xɔm ɖe akɔ na wo.


Esi Yesu nɔ agbe le anyigba dzi la, ewɔ gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo kple ɣli kple aɖatsi na eya ame si si ŋusẽ le be wòaɖee tso ku me, eye wòɖo toe le eƒe bubu kple ɖokuibɔbɔ ta.


Elabena nu si se la mete ŋu wɔ o esi wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe to Via si wòɖo ɖa le nu vɔ̃ ŋutilã ƒe nɔnɔme me la dzi, eye wòtsɔ eɖokui sa vɔe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye wòbu fɔ nu vɔ̃ le ŋutilã me,


Ke woŋlɔ esiawo da ɖi be miaxɔe se be Yesue nye Kristo la kple Mawu ƒe Vi la, eye ne miexɔe se la, miakpɔ agbe le eƒe ŋkɔ me.


“Fofo dzɔdzɔetɔ, togbɔ be xexea me menya wò o hã la, menya wò, eye nusrɔ̃la siawo hã nya be, wòe dɔm.


elabena nya si nède asinye la metsɔe na wo, eye woxɔe. Wonyae kɔtɛe be metso gbɔwò, eye woxɔe se hã be wòe dɔm ɖo ɖa.


Gake menya be, nu sia nu si nèbia Mawu la, ana wò.”


Alo mènya be mate ŋu abia Fofonye, eye wòana mawudɔla akpeakpewo mí be woadzɔ mía ŋu oa?


Ke esi ɣeyiɣi nyuitɔ va ɖo la, Mawu dɔ Via si nyɔnu aɖe dzi le se la te la ɖa


Esi Yudatɔ siwo va aƒea me be yewoafa akɔ na Maria la kpɔe wòtso kpla do go yina la, wobu be Lazaro ƒe yɔdo to wòyina be yeaɖafa avi, eya ta wokplɔe ɖo.


Yesu gblɔ na wo be, “Ɖe Mawu nye mia Fofo la, anye ne mialɔ̃m, elabena Mawu gbɔe metso va afi sia. Nyemeva le ɖokuinye si o, ke boŋ Mawue dɔm.


Eya ame si dɔm la li kplim; magblẽm ɖi o, elabena mewɔa eƒe lɔlɔ̃nu ɣe sia ɣi.”


Gake ne medrɔ̃ ʋɔnu la, anye ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe, elabena menye nye ɖekae li o. Nye kple Fofo si dɔm lae li.


Esi wògblɔ nya sia la, edo ɣli sesĩe be, “Lazaro, do go va!”


elabena eya tae Yudatɔ geɖewo dze Yesu yome, eye woxɔ edzi se ɖo.


Azɔ ameha siwo nɔ eteƒe hafi Yesu yɔ Lazaro be wòado go tso yɔdo me, eye wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la kaka nya la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite