22 Gake menya be, nu sia nu si nèbia Mawu la, ana wò.”
22 Gake azɔ hã menyae bena, nusi ke nabia Mawu la, Mawu ana wò.
Mienya be Mawu meɖoa to nu vɔ̃ wɔlawo o, ke boŋ eɖoa to mawuvɔ̃la kple ame si wɔa eƒe lɔlɔ̃nu.
Yesu gabiae be, “Ɖe nègblɔ be ne mate ŋuia? Nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe ne èxɔe se ko.”
Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Wotsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba la katã de asi nam,
Elabena èna ŋusẽe ɖe amegbetɔwo katã dzi le xexea me, be wòana agbe mavɔ ame sia ame si nètsɔ nɛ la.
Fofo la lɔ̃a Via sia ale gbegbe be etsɔ nu sia nu de asi nɛ.
Biam, ne matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinui kple anyigba ƒe seƒewo ke awɔ tɔwòe.
Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔviwò la atsi tsitre.”