Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 10:7 - Agbenya La

7 Eya ta Yesu gagblɔ na wo be, “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be nyee nye agbo na alẽawo,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Azɔ Yesu gblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Nyee nye agbo na alẽawo.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 10:7
12 Referans Kwoze  

Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee nye Mɔ la, Nyateƒe la kple Agbe la. Ame aɖeke mate ŋu ayi Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.


To eya amea me la, mí katã míate ŋu ayi Fofo la gbɔ to Gbɔgbɔ ɖeka ma dzi.


“Nyateƒe gblɔm mele na mi be ame si megena ɖe alẽkpo la me to agboa nu o, ke boŋ wòɖatoa afi bubu gena ɖe eme la, fiafitɔ kple adzodala wònye.


Nyee nye agbo la. Ame si to agbo la nu la, akpɔ ɖeɖe. Age ɖe eme, agado aɖaɖu gbe damawo.


Mi, nye alẽwo, alẽwo le nye lãnyiƒe mienye, eye nyee nye miaƒe Mawu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ ”


Ekema mí wò dukɔ, wò lãnyiƒe ƒe alẽwo akafu wò tegbee, eye tso dzidzime yi dzidzime míaɖe wò kafukafu afia.


Minyae be Yehowae nye Mawu. Eyae wɔ mí, eye míenye etɔ, eƒe amewo kple alẽwo le eƒe lãnyiƒe míenye.


Elabena eyae nye míaƒe Mawu, eye míenye amewo le eƒe lãnyiƒe, kple lãha le eƒe dzikpɔkpɔ te. Egbe, ne miese eƒe gbe la,


Mí katã míetra mɔ abe alẽwo ene. Mía dometɔ ɖe sia ɖe lé eƒe mɔ tsɔ; ke Yehowa tsɔ mí katã ƒe nu vɔ̃wo da ɖe eya amea dzi.


abe alẽ siwo woatsɔ asa vɔwoe le Yerusalem le ŋkekenyuiɖuɣiwo ene. Nenemae amewo ayɔ du siwo gbã la me. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa.’ ”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite