Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 10:4 - Agbenya La

4 Ne ekplɔ eƒe alẽawo katã do goe la, edzea ŋgɔ na wo, eye wokplɔnɛ ɖo, elabena wonya eƒe gbe.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ne eɖe ye ŋutɔ tɔwo katã do go la, edzea ŋgɔ na wo, eye alẽawo dzea eyome, elabena wodzea si eƒe gbe.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 10:4
23 Referans Kwoze  

Yehowa Mawue nye míaƒe kplɔla eye wòawɔ aʋa na mí kple eƒe nukumɔ triakɔwo abe ale si wòwɔ miekpɔ le Egipte ene.


Alẽha bubuwo le asinye siwo mele alẽkpo sia me o. Ele be makplɔ wo va gbɔnyee. Woawo hã, woase nye gbe be wo katã woanye alẽha ɖeka, anɔ Kplɔla ɖeka te.


“Ame si subɔam la, ele be wòadze yonyeme, be afi si mele la, nye subɔla hã nanɔ afi ma. Fofonye ade bubu ame si subɔam la ŋu.


Pilato gabiae be, “Ekema fiae nenye nyateƒea?” Yesu ɖo eŋu be, “Ègblɔ nyateƒe be fiae menye. Le nyateƒe me la, susu sia ta wodzim ɖo, eye esia tae meva xexea me ɖo, be maɖi ɖase tso nyateƒe la ŋu. Ame sia ame si xɔ nyateƒe la dzi se la ɖoa tom.”


Esia ta woyɔ mi vɛ ɖo, elabena Kristo kpe fu ɖe mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze eyome.


be miagaɖu tɔ ɖe hame si dzikpɔlawo woɖo mi la dzi o, ke boŋ mianye kpɔɖeŋu na alẽha la.


Mito nye afɔtoƒe abe ale si nye hã mezɔa Kristo ƒe afɔtoƒe ene.


eye ame siwo katã va do ŋgɔ nam la, alẽawo meɖo to wo o, elabena fiafitɔwo kple adzodalawo wonye.


Esia megbe la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme vavã la, ekema negbe nu le eɖokui gbɔ ne wòatsɔ eƒe atitsoga adze yonyeme,


Mina míakpɔ Yesu dzi, ame si nye míaƒe xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula, ame si le dzidzɔ si le ŋgɔ nɛ ta la, to atitsoga ƒe fu la me, eye mebui ŋukpee o. Ale wòyi ɖanɔ Mawu ƒe fiazikpui la ƒe nuɖusime.


afi si Yesu ame si do ŋgɔ na mí la ge ɖo ɖe mía nu. Eya va zu nunɔlagã abe Melkizedek ene tegbee.


Eya ta mizu mawusrɔ̃lawo abe vi lɔlɔ̃wo ene,


Ŋugbetɔ la nye ŋugbetɔsrɔ̃ la tɔ. Ŋugbetɔsrɔ̃ xɔlɔ̃ si subɔa ŋugbetɔsrɔ̃ la nɔa to dzi, eye wòkpɔa dzidzɔ ne ese ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe gbe. Nyee nye ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃, eya ta dzidzɔkpɔkpɔ yɔ menye ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ta.


Nye lɔlɔ̃tɔ, ɖo to afii! Kpɔ ɖa, nye lɔlɔ̃tɔe nye ekem gbɔna, le kpo tim flɔ towo, eye wòle kpo dzom le togbɛwo tame.


Kpɔɖeŋu wònye mena mi, eya ta miwɔ nu si mewɔ na mi la.


Eya ta esi Kristo kpe fu le eƒe ŋutilã me ta la, miawo hã mitsɔ nɔnɔme ma ke bla miaƒe aliwo dzii, elabena ame si kpe fu le eƒe ŋutilã me la, klã ɖa tso nu vɔ̃ gbɔ,


Medɔ alɔ̃, gake nye dzi ya le ŋu. Miɖo to! Nye lɔlɔ̃tɔ le ʋɔ ƒom! “Ʋu ʋɔ nam, nɔvinye nyɔnu, nye dzi lɔlɔ̃a, nye ahɔnɛ kple nye kpɔkpɔmatikɔe. Ahũ ƒo nye ta bekee, eye nye ɖa me yɔ fũu kple zãmu.


Agbonudzɔla ʋua agbo la nɛ, eye alẽawo ɖoa to eƒe gbe. Eyɔa eƒe alẽwo kple ŋkɔ eye wòkplɔa wo doa goe.


Womadze ame bubu yome o, ke boŋ woasi le egbɔ, elabena womede dzesi eƒe gbe o.”


Nye alẽwo sea nye gbe; menya wo, eye wodzea yonyeme.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite