Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 1:9 - Agbenya La

9 Kekeli vavã si klẽna na amewo katã la gbɔna va xexea me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Kekeli vavã, si klẽna ɖe amesiame me la, li gbɔna ɖe xexea me.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 1:9
15 Referans Kwoze  

Nye la, meva xexea me abe kekeli ene, be ame si xɔ dzinye se la manɔ viviti me o.


Ke hã la, mele se yeye aɖe ŋlɔm ɖo ɖe mi si ƒe nyateƒe le dzedzem le miawo kple eya amea me xoxo, elabena viviti la le bubum eye kekeli vavã la le keklẽm xoxo.


Eya me agbe le, eye agbe siae nye amegbetɔwo ƒe kekeli.


“Nu tsɛ ko wònye le ŋkuwò me be, nènye nye dɔla, be nàgaɖo Israel ƒe towo te, eye nàkplɔ Israel ƒe ame siwo mesusɔ ɖi la gbɔe. Gawu la, mawɔ wò nànye kekeli na ame siwo menye Yudatɔwo o la, be nàhe nye ɖeɖe vɛ na anyigba ƒe mlɔenuwo ke.”


Ame sia va be yeaɖi ɖase tso kekeli la ŋu, ale be to eya dzi la, amewo katã naxɔe ase.


Míenyae hã be Mawu Vi la va, eye wòna nugɔmesese mí, ale be míanye eya ame si nye nyateƒea. Míele nyateƒea si nye Via Yesu Kristo la me. Eyae nye nyateƒe Mawu kple agbe mavɔ la.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee nye Mɔ la, Nyateƒe la kple Agbe la. Ame aɖeke mate ŋu ayi Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.


Yesu gblɔ na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be, menye Mosee na abolo tso dziƒo mi o, ke boŋ Fofonyee.


Ne míegblɔ be nu vɔ̃ mele mía ŋuti o la, ekema míele mía ɖokuiwo blem, eye nyateƒea mele mía me o.


Mitrɔ ɖe nye nufiafia kple ɖaseɖiɖiwo ŋu. Ne nu siwo wogblɔ mesɔ kple nye nyawo o la, ekema kekeli alo nyateƒe aɖeke mele wo tɔwo me o.


“Nyee nye Wainti vavã la, eye Fofonyee nye Agbletɔ la.


Ame geɖewo nɔ nu ƒom le eŋu le amehawo dome. Ame aɖewo gblɔ be, “Enye ame nyui.” Ame bubuwo hã gblɔ be, “Alakpatɔ wònye le amewo flum.”


Ke ne wò ŋku dzi mekɔ o la, wò ame blibo la, àyɔ fũu kple viviti. Ekema ne kekeli si le mewò trɔ zu viviti la, aleke gbegbe viviti la asẽ ŋui!


Nenye be èkɔ le ɖokuiwò me, eye viviti aɖeke mele mewò o la, ekema wò gotagome hã aklẽ abe akaɖi keklẽ gã aɖee wosi ɖe mewò ene.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite