Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 1:33 - Agbenya La

33 Yohanes gagblɔ be, “Nye la, nyemenya be eyae nye amea o, gake esi Mawu ɖom ɖa be made mawutsi ta na amewo la, egblɔ nam be, ‘Ne èkpɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wòle ɖiɖim ɖe ame aɖe dzi la, nyae be eyae nye ame si dim nèle. Eyae ade mawutsi ta na amewo kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.’

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 Eye nyemenyae o; ke amesi dɔm be, made mawutsi ta na amewo kple tsi la, eya ke gblɔ nam bena: Amesi ke dzi nakpɔ Gbɔgbɔ la le ɖiɖim ɖo, eye wònɔ edzi la, eyae nye amesi le mawutsi dem ta na amewo kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 1:33
16 Referans Kwoze  

elabena Yohanes tsɔ tsi de mawutsi ta na amewo, gake le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, miawo ya la, woatsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la adee na mi.”


Yohanes ɖo woƒe biabia la ŋu hegblɔ na wo be, “Nye la, tsi metsɔ le tsi dem ta na amewoe, gake ame aɖe gbɔna kpuie, ame si si ŋusẽ le wum boo, ame si nyemedze ŋutɔ gɔ̃ hã be matu eƒe atokotawo nu ka o. Eya ade mawutsi ta na mi kple dzo kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe.


“Nye la, metsɔ tsi le mawutsi dem ta na mi ame siwo trɔ dzi me, gake ame aɖe gbɔna, ame si de ŋgɔ wum sãa ale gbegbe be nyemedze be manye eƒe subɔla gɔ̃ hã o. Eya atsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple dzo ade tsi ta na mi.


Elabena ame si Mawu ɖo ɖa gblɔa Mawu ƒe nyawo elabena Mawu na Gbɔgbɔ lae le agbɔsɔsɔ me.


elabena wotsɔ Gbɔgbɔ ɖeka ma de mawutsi ta na mí katã ɖe ŋutilã ɖeka me, eye mí katã mieno Gbɔgbɔ ɖeka ma, eɖanye Yudatɔ o, alo Grikitɔ o, kluvi alo ablɔɖevi o.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyateƒe gblɔm mele na wò be, ne womegbugbɔ ame dzi to tsi kple gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o.


Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ ame sia ame si le afi ma la me fũu, eye wode asi gbegbɔgblɔ bubu si womenya tsã o la gbɔgblɔ me abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na ŋutete wo ene.


Nye ŋutɔ nyemenya ame si wònye o, ke nye dɔ koe nye be made mawutsi ta na amewo kple tsi, atsɔ aɖee afia Israel dukɔ la.”


Yesu nɔ nu ƒom tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋuti, elabena woana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame sia ame si xɔ edzi se. Ke womena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la haɖe o, elabena womekɔ Yesu ŋuti haɖe o.


Ke Nyaxɔɖeakɔla, Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Fofo la adɔ ɖo ɖa le nye ŋkɔ me la afia nu geɖewo mi, eye wòaɖo ŋku nu siwo katã mefia mi la dzi na mi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite