Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 1:3 - Agbenya La

3 To eya me wowɔ nuwo katã, eye eya manɔmee la, womewɔ naneke si wowɔ la o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Wowɔ nuwo katã to eyama dzi, eye eya manɔme la womewɔa naneke, si wowɔna o.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 1:3
20 Referans Kwoze  

ke míawo ya, míenya be Mawu ɖeka si nye fofo la koe li, ame si gbɔ nuwo katã tso. Eyae míele agbe na, eye Aƒetɔ ɖeka koe li. Eyae nye Yesu Kristo, ame si dzi nuwo katã to, eye to eya dzi míele agbe.


“Míaƒe Aƒetɔ kple Mawu, wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe, bubu kple ŋusẽ, elabena wòe wɔ nuwo katã; wò lɔlɔ̃nue nètsɔ wɔ woe, eye wò lɔlɔ̃nue na be wole agbe.”


Yehowa ƒe nya wotsɔ wɔ dziƒowoe, eye eƒe numegbɔgbɔ wotsɔ wɔ wo ŋuti nuwoe.


Mawu gblɔ be, “Mina míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme me, wòaɖi mí, eye wòaɖu ƒumelãwo, dziƒoxewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã kpakple nu gbagbe siwo katã tana le anyigba dzi la dzi.”


Enɔ xexea me, gake xexea me mekpɔe dze sii o, evɔ eya dzi woto wɔ xexea me.


elabena ale Yehowa, ame si wɔ dziƒo, eye wònye Mawu, ame si wɔ anyigba, eye wòna wòva dzɔ, meyɔe be wòatsi gbɔlo o, ke boŋ ewɔe be nuwo nanɔ edzi. Eyae gblɔ be, “Nyee nye Yehowa, bubu aɖeke megali o.


Nyee wɔ anyigba kple ame siwo le edzi. Nye ŋutɔ nye asiwoe keke dziƒowo me. Nyee wɔ dziƒoŋunuwo katã.


Le gɔmedzedzea me la, èɖo anyigba ƒe agunu anyi, eye dziƒowo nye wò asinudɔwɔwɔ.


eye maɖe nya ɣaɣla sia gɔme na ame sia ame. Le blema la, wodzra nya sia ɖo ɖe Mawu, ame si wɔ nuwo katã la me.


Le gɔmedzedzea me la, Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.


Ale menye aɖaŋudɔwɔla nɔ eƒe axadzi, dzidzɔ yɔ menye gbe sia gbe eye metsoa aseye le eŋkume ɣe sia ɣi.


Eli kple Mawu le gɔmedzedzea me.


To xɔse me míese egɔme be Mawu ɖe gbe, eye xexea me va dzɔ, ale be wòwɔ nu si wokpɔna la tso nu si womekpɔna o la me.


Ame sia ame si xɔe se be Yesue nye Kristo la la, wodzii tso Mawu me, eye ame sia ame si lɔ̃a Fofo la la, lɔ̃a Via hã.


“Ŋlɔ agbalẽ sia na hame si le Laodikea ƒe mawudɔla, Nya siawo tso ame si nye Amen, ame si nye ɖaseɖila, nuteƒewɔla kple anukwaretɔ, ame si nye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze la gbɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite