Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yoel 3:5 - Agbenya La

5 “Mieva lɔ nye klosalo kple sika kple nye kesinɔnu veviwo tsɔ yi ɖe miaƒe trɔ̃wo ƒe xɔwo mee.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye woava me be, woaɖe amesiame, si ayɔ Yehowa ŋkɔ la; elabena xɔname anɔ Zion-to la dzi kple Yerusalem kpakple ame mamlea, siwo Yehowa ayɔ la dome, abe alesi Yehowa do eŋugbee ene.

Gade chapit la Kopi




Yoel 3:5
15 Referans Kwoze  

Babiloniatɔwo lɔ kesinɔnuwo katã tso gbedoxɔ la kple fiasã la me hekpe ɖe sikagba siwo katã Israel fia, Solomo, da ɖe gbedoxɔ la me ŋu le Yehowa ƒe ɖoɖo nu.


Ahaz tsɔ klosalo kple sika si le gbedoxɔ la kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo me la ɖo ɖe Asiria fia la abe nunana ene.


Fia Yoas tsɔ nu siwo ŋu fofoawo, Yuda fiawo abe Yehosafat, Yehoram kple Ahazia ene kɔ kple nu siwo eya ŋutɔ hã wɔ kple sika si nɔ gbedoxɔ la kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo me la ɖo ɖe Aram fia Hazael. Ale Hazael megaho aʋa ɖe Yerusalem ŋu o.


Le woawo teƒe la, ade bubu mɔ sesẽ la ƒe mawu ŋu, mawu si fofoawo menya o. Mawu sia ŋue wòatsɔ sika, klosalo, kpe xɔasiwo kple nunana xɔasiwo ade bubue.


“Minyre aŋutrɔwo, mitsɔ akpoxɔnuwo! Yehowa de adã ta me na Media fiawo elabena eƒe taɖodzinue nye be wòatsrɔ̃ Babilonia. Yehowa abia hlɔ̃, abia hlɔ̃ na eƒe gbedoxɔ.


Miɖo to miase Babilonia ƒe aʋaléleawo kple aʋasilawo ƒe nya si gblɔm wole le Zion tso ale si Yehowa, míaƒe Mawu la bia hlɔ̃ woe, ebia hlɔ̃ na eƒe gbedoxɔ.


Gbe ma gbe la, Yehowa ado eƒe asi ɖa akplɔ aboyomewo tso Asiria, Dzigbe Egipte, Anyigbe Egipte, Kus, Elam, Babilonia, Hamat siwo susɔ la agbɔe zi evelia.


“Yehowa be eya ta ŋkekewo li gbɔna esi amewo magagblɔ be, ‘Meta Yehowa, ame si kplɔ Israelviwo do goe le Egipte la ƒe agbe’ o.


Eya ta gblɔ nya ɖi, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: O, nye amewo, mele miaƒe yɔdowo ʋu ge, eye maɖe mi tso wo me: magbugbɔ mi ava Israelnyigba dzi.


Ka ɖeɖe anɔ Zion to dzi eye wòanye kɔkɔeƒe. Yakob ƒe aƒe agaxɔ eƒe domenyinu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite