Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yoel 2:21 - Agbenya La

21 Nye dukɔ, mègavɔ̃ o; kpɔ dzidzɔ eye nàtso aseye azɔ elabena Yehowa wɔ nukunu gãwo na wò.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Anyigba, megavɔ̃ o, tso aseye, eye nakpɔ dzidzɔ, elabena Yehowa le nu gã wo ge.

Gade chapit la Kopi




Yoel 2:21
21 Referans Kwoze  

“Mègavɔ̃ o, elabena wò mo matsi dãa o. Mègavɔ̃ na ŋukpeɖuɖu o, elabena womado vlo wò o. Àŋlɔ wò ɖetugbimeŋukpewo be, eye màgaɖo ŋku wò ahosinyenye ƒe vlododowo dzi o,


eya ta mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò. Ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu. Mali ke wò, eye makpe ɖe ŋuwò; matsɔ nye dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusibɔ alé wò ɖe te.


‘Yɔm, eye matɔ na wò, magblɔ nu gã siwo mènya o, eye wo me dzodzro hã meli o la na wò!’


Gbegbe kple anyigba si ƒu kplakplakpla la akpɔ dzidzɔ. Gbedadaƒo atso aseye ahaƒo se abe dzogbenya ene,


“Azɔ minɔ klalo miakpɔ Yehowa ƒe nukunuwɔwɔ ɖa.


“nenema azɔ, meɖoe kplikpaa be magawɔ nyui na Yerusalem kple Yuda, eya ta migavɔ̃ o.


“Maɖe asrafo siwo tso dzigbeme la ɖa le mia gbɔ, matrɔ wo aɖo ɖe kuɖiɖinyigba kple gbegbe. Matsɔ ŋgɔgbenɔlawo ade ɣedzeƒeƒu la me eye matsɔ megbenɔlawo ade ɣetoɖoƒeƒu la me. Ale woƒe ʋeʋẽ kũu la axɔ anyigba la dzi.” Vavã, Yehowa wɔ nukunu triakɔ aɖe.


Mixɔ Yehowa dzi se eye miasubɔe le nyateƒe me. Mibu nu gã siwo katã wòwɔ na mi kpɔ la ŋu.


“Mida ŋku ɖe xexea me ƒe ŋutinya me tso keke esime Mawu wɔ amegbetɔ ɖe anyigba dzi. Midii tso dziƒo ƒe akpa ɖeka yi akpa bubu ne miakpɔe ɖa be nya sia tɔgbi dzɔ kpɔ mahã.


Mina tɔsisiwo naƒo asikpe, eye towo katã nadzi ha ɖekae le dzidzɔkpɔkpɔ ta.


Le nya siawo megbe la, Yehowa ƒo nu na Abram le ŋutega me gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Abram, elabena nyee nye wò akpoxɔnu, maʋli tawò, eye makɔ yayra geɖewo ɖe dziwò.”


Yehowa be: “Le ŋkeke ma dzi la, maɖo to dziƒowo ƒe gbe, dziƒowo hã aɖo to anyigba ƒe gbe,


O! Dziƒowo, midzi ha kple dzidzɔ, elabena Yehowae wɔ esia. O! Anyigba do ɣli sesĩe. Mido ha ɖa, mi towo, avewo kple avemetiwo, elabena Yehowa ɖe Yakob. Eɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le Israel.


Míado go kple dzidzɔkpɔkpɔ, eye woakplɔ mí le ŋutifafa me. Towo kple togbɛwo agli kple dzidzɔkpɔkpɔ le mia ŋgɔ eye ati kple gbe siwo le gbedzi la aƒo asikpe.


O! Mawu, wò dzɔdzɔenyenye yi ɖatɔ dziŋgɔli ke, wò ame si wɔ nu dzɔatsu geɖewo. O! Mawu, ame kae le abe wò ene?


Miaɖu nu aɖi ƒo abe tsã ene eye miakafu Yehowa, miaƒe Mawu la. Miakafu Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ, ame si wɔ nukunu siawo katã na mi. Ŋu magakpe nye dukɔ azɔ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite